Gbeƒãɖeɖewo
◼ February ƒe agbalẽnunana: Axa 192 ƒe agbalẽ ɖesiaɖe si wota le ƒe 1983 me alo do ŋgɔ na ema. Mina agbalẽa ɖesiaɖe ɖe asia ƒe afã si nye ₵250 na gbeƒãɖelawo kple ₵125 na mɔɖelawo dzi. Ele be agbalẽŋlɔla kple amesi kpɔa gakɔntawo dzi la nakpɔ January ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me le Gbeƒãɖeɖewo te hena mɔfiafia le alesi woabia fedziɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ ŋu. Ne agbalẽ siawo mele miaƒe hamea si o la, ekema miate ŋu ana agbalẽ siwo gbɔna la ɖe asi bliboa dzi: Survival Into a New Earth, True Peace and Security (1986 tɔa) alo Worldwide Security Under the Prince of Peace. March: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. April: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! May kple June: Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔ xɔxɔ. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo wozãna le gbeadzi siwo ŋkɔwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le “Literature Order Form” (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Yehowa ƒe Nukpɔsusu Tsɔtsɔ Akpɔ Sɔhɛwoe.”
◼ Woaƒo ƒe 1993 ƒe Ŋkuɖodzia wɔɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le xexeame katã le Kwasiɖagbe, March 28 lia dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “‘Mawu ƒe Nuwɔnawo’—Aleke Nèbua Woe?” Míele nuƒogbalẽ ɖo ge ɖa. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo woanɔ nutome sue takpekpe wɔm le kwasiɖa ma ƒe nuwuwu la aƒo dutoƒonuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si kplɔe ɖo la me. Mele be hame aɖeke naƒo dutoƒonuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na March 28 o.
◼ Tso January 1, 1993 dzi la, Gbetakpɔxɔ ƒe ɣleti ɖesiaɖe tɔ le vavam le Lithuaniagbe me, esi na gbegbɔgblɔ siwo me wotaa magazine sia ɖo la va zu 112. Le January ma ke me la, Gbetakpɔxɔ ƒe Telugugbe me tɔa va zu kwasiɖa eve ɖesiaɖe tɔ.
◼ Posu Kple Telefonkadodowo ƒe Dɔwɔƒea (P & T) he Habɔbɔa ƒe susu yi nyateƒe si wònye be hame aɖewo tsɔa ga ŋutɔŋutɔ dea lɛtakotoku me ɖona ɖa to posu me la dzi. Posudɔwɔƒea le gbɔgblɔm be ga la manɔ dedie o eye wòganye dada le posu ƒe sewo dzi. Ele be hame siwo wɔa nusia nadzudzɔ enumake. Ne hamea medzraa ga ɖo ɖe gadzraɖoƒe o la, ele be woatsɔ ga la aƒle postal order alo money order alo bank draft ahaɖo ema ɖe Habɔbɔa.
◼ Míegale ŋku ɖom edzi na hamewo ake be ne wole ɖoɖo wɔm be yewoanɔ ƒuƒoƒo me ava ɖi tsa le Betel la, ele be woƒe kaklãnagbalẽ naɖo alɔdzedɔwɔƒea kwasiɖa eve teti do ŋgɔ na ŋkeke si dzi woava. Ele be Betel nanya ame agbɔsɔsɔme si gbɔna tsa ɖi ge kpakple ŋkeke si dzi woava. Ne hamea ate ŋu awɔ ɖoɖo be woava ɖi tsa le Betel le kwasiɖaa me la, ema anyo wu, elabena ana tsaɖilaawo nate ŋu akpɔ Betel-dɔwɔlawo woanɔ dɔ wɔm eye mɔ̃awo hã anɔ dɔ wɔm. Gake míekpɔe dze sii be le dɔwɔlawo ta la, manya wɔ ɣesiaɣi be woawɔ ɖoɖo be woava ɖi tsa le Betel le kwasiɖaa me o. Le go ma me la, míele aɖaŋu ɖom be kaka Memleɖagbe ŋdi ga 9 naƒo la, ƒuƒoƒoawo nava ɖo. Nusitae nye be tsaɖiɖi le Betel xɔa abe gaƒoƒo ɖeka ene. Ne ameawo sɔ gbɔ la, woamã wo ɖe ƒuƒoƒo suewo me be wòasɔ. Eyata zi geɖe la exɔa gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ hafi ƒuƒoƒoawo katã naɖi tsa vɔ. Gake ele be woawu tsaɖiɖiawo katã nu hafi ŋdɔ ga 12 si me Betel kpãna le Memleɖagbewo la naƒo. Esia tae míele aɖaŋu ɖom be kaka Memleɖagbe ŋdi ga 9 naƒo la, ƒuƒoƒoawo naɖo Betel. Mehiã be ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo naŋlɔ kaklãnagbalẽ na mí hafi ava ɖi tsa o. Ŋkuɖodzinya bubue nye be míewɔa dɔ le Betel tso ŋdi ga 8 vaseɖe ŋdɔ ga 12 me kple tso ŋdɔ ga 1:15 vaseɖe ga 5:15 le kwasiɖaa me kpakple tso ŋdi ga 8 vaseɖe ŋdɔ ga 12 me le Memleɖagbewo.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Va:
Eŋlisigbe, Twi-gbe, Eʋegbe, Gɛgbe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?; Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? (Trakt 19 lia); Akɔfafa na Blanuilélawo (Trakt 20 lia); Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me (Trakt 21 lia); Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? (Trakt 22 lia).
◼ Kasɛt Yeye si Va: Eŋlisigbe: Doing God’s Will With Zeal (Drama; kasɛt ɖeka).
◼ Videokasɛt Yeye si Va: Eŋlisigbe: Purple Triangles.