Nyabiaɖaka
◼ Awu kae woabu be eyae sɔ be amesi woyina nyɔnyrɔ̃ na ge la nado?
Togbɔ be amewo ƒe awudodo toa vovo le xexeame ƒe akpa vovovowo hã la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woado awu “ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na [ame] ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me” gakpɔtɔ sɔ na Kristotɔwo katã, eɖanye afikae wole o. (Tim. I, 2:9) Ele be woatsɔ gɔmeɖose sia awɔ dɔe ne wole awu si sɔ na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu bum.
June 1, 1985, Watchtower ƒe axa 30 ɖo aɖaŋu si gbɔna na amesiwo yina ɖe nyɔnyrɔ̃ na gee: “Le nyateƒe me la, ele be woawɔ nusi magbɔ eme akpa o alo si aɖiɖi ɖe anyi akpa o le awu si woado atsɔ xɔ nyɔnyrɔ̃e gome. Esia le vevie egbea esime wòwɔ abe ɖe awutɔla siwo toa atsyã yeyewo vɛ dina be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ɖe ame me ene eye be yewoaɖe ama amea kloe. Nu bubu si ŋu wòle be woabu enye be awu aɖewo siwo adze be wosɔ ne woƒu la masɔ tututu ne wode wo tsi me o. Nyɔnyrɔ̃xɔla aɖeke madi be yeahe amewo ƒe susu alo yeanye nukikli le nudzɔdzɔ vevi sia si nye nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me o.—Filipitɔwo 1:10.”
Abe alesi wogblɔe le aɖaŋuɖoɖo sia mee ene la, amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la adi be yewoado awu si sɔ, eye wɔna la ƒe nu vevi nyenye nanɔ susu me na wo. Eyata tsimeyiwu si womewɔ kple beléle gobi aɖeke o alo esi léna ɖe ame ŋu ne wodee tsi me la manye awu si sɔ na Kristotɔ o eye manyo woado o. Nenema ke masɔ be woado awu ɖewoɖewoe o. Eye masɔ hã be woado awudedi siwo dzi woŋlɔ xexeametɔwo ƒe nyawo ɖo alo esiwo dzi wodo boblo asinuwo ɖo o.
Ne hamemegã siwo wode dɔ asi na la le nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ƒe nyabiabiawo me dzrom kple amesi di be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃ la, ɣemaɣie anye ɣeyiɣi nyuitɔ si me woadzro awu si sɔ dodo ƒe vevienyenye me kplii. Ne wowɔe alea la, ana be bubu si dze na wɔna la nanɔ eŋu, eye wòana míayi edzi ato vovo tso xexeame gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 15:19.