Nyabiaɖaka
◼ Vovototo kae le amesi ɖe eɖokui le ha me kple gbeƒãɖela si dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la dome?
Amesi ɖe eɖokui le ha me lae nye ‘amesi togbɔ be enye hamea me tɔ xɔnyɔnyrɔ̃ hã la, eɖoe koŋ gbe eƒe Kristotɔ ƒe tenɔnɔ, egbe hamea hegblɔ be yemegadi be woabu ye Yehowa Ðasefoe o.’ (Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 149) Ate ŋu aɖoe kplikpaa agblɔe na hamemegãwo be yemeganye Yehowa Ðasefo o.
Gbeƒãɖela aɖe ate ŋu aɖe eɖokui le ha me to eƒe nuwɔna me—to xexemehabɔbɔ aɖe si ƒe taɖodzinu tsi tre ɖe Biblia ŋu la me ɖoɖo me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 2:4.) Kristotɔ aɖe si aɖo subɔsubɔha bubu me la ɖe eɖokui le Kristotɔwo ƒe habɔbɔa me.—Kpɔ October 15, 1986 ƒe Watchtower, axa 31.
Ne amea aɖe ɖe eɖokui le ha me la, wonana hamea nyana to gbeƒãɖeɖe kpui aɖe wɔwɔ me. Tso ema dzi la, woabui abe amesi woɖe le ha me ene.—Yoh. I, 1, 2:19; Yoh. I, 2, 10, 11; Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, June 1993, Nyabiaɖaka.
Gake ne Kristotɔ aɖe gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye megade gbeadzi o dzinu ade tsiã ɖe enu la, eva zua amesi dzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Le gbeadzimademade ƒe nɔnɔme ma me la, ate ŋu adzudzɔ kpekpewo dede hã. ‘Ðewohĩ ame ma megasrɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi o, alo kuxi aɖewo anɔ fu ɖem nɛ alo woanɔ eyome tim.’ (Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 149) Eyata nɔnɔme si me Kristotɔ si dzudzɔ gbeƒãɖeɖe le le Yehowa gbɔ la to vovo kura na amesi ɖe eɖokui le ha me tɔ.
Anɔ bɔbɔe be woakpe ɖe amesi dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la ŋu le Romatɔwo 15:1 me nyawo nu elabena egakpɔtɔ nye nɔvi kokoko; mele abe amesi ɖe eɖokui le hamea me ene o. Le Yehowa kple Via sɔsrɔ̃ me la, mina mí katã ‘míado ŋusẽ’ amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe le míaƒe anyigbamamã me la ƒe ‘alɔ gblɔdɔwo kple klo beliwo.’—Yes. 35:3; Kpɔ November 1983 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 1 kple 2.