August ƒe Agbalẽnunana la Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
1 Be habɔbɔa nado tsɔtsɔe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa la, etsɔ dɔmenyonyo ta agbalẽ vovovo geɖe. Wo dometɔ aɖewoe nye kotokumegbalẽ alo axa 192-gbalẽ siwo ƒo nu tso nyati aɖewo koŋ ŋu, abe Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe anyigba la ŋu, ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le, alesi ŋutifafa vavãtɔ agasu amewo si, alesi woawɔ akpe akɔ kple sɔhɛmekuxiwo, kple nusi dzi woanɔ te ɖo axɔ Biblia la dzi ase be enye Mawu ƒe Nya ene. Le August me la, míana Happiness—How to Find It kple Making Your Family Life Happy ƒe agbalẽwo atsɔ akpe ɖe míaƒe anyigbamamã me tɔwo ŋui. Aleke míawɔ esia wòalé vii?
2 Happiness—How to Find It ƒe agbalẽa gblɔ nusi ana woakpɔ dzidzɔ le xexe sia ƒe nɔnɔme sesẽwo me. Aleke míaƒo nu tso eŋui? Togbɔ be ame geɖewo bua nuɖuɖu si ade na ame kple nudodo, lãmesẽ, aƒe nyui, kple zɔhɛ nyuiwo be wonye nu vevi siwo ana woakpɔ dzidzɔ hã la, nu geɖe wu hiã hafi woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Agbalẽa ƒe ta gbãtɔ he susu yi esia dzi.
3 Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Nukae nàgblɔ be eyae ana woakpɔ dzidzɔ ɖaa?” Na wòaɖo eŋu. Xlẽ Nyagblɔla 2:22, 23. Emegbe ʋu Happiness—gbalẽa ƒe axa 7 eye miadzro memamã 9 lia ƒe afã gbãtɔ, kple memamã 13 lia si le eƒe axa 8 kple 9 lia me. Emegbe nàhe susu ayi axa si woɖo emenyawo ɖo, afisi woyɔ kuxi siwo ŋu Biblia la ɖo le agbalẽa me la dzi, eye nàtsɔ dzonɔameme awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple amea. Ne womexɔ agbalẽnunana la o la, nukatae màna Akɔfafa na Blanuilélawo alo Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la ahawɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava ne yewoadzro eme o?
4 Ƒomegbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi le míaƒe ɣeyiɣi siawo me. Srɔ̃tɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ na wo nɔewo, ame srɔ̃ ƒe ƒometɔwo ƒe nudede ame ƒe srɔ̃ɖenyawo me, ɖeviwo ƒe tosesẽ, ganyawo ƒe sesẽ, ƒewuiviwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple fuɖeɖewo, atike vɔ̃ɖiwo zazã ƒe dzidziɖedzi, kple aƒe madeamedziwo nye kuxi siwo na dzidzɔkpɔkpɔ le ƒomegbenɔnɔ me sesẽ ŋutɔ. Family Life ƒe agbalẽa ɖo aɖaŋu ɖevi siwo tso Mawu ƒe Nya la me be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi sesẽ siawo dzi. Ŋgɔdonya si gbɔna la aʋã ame.
5 Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ame geɖe biana be, ‘Ðe ɖekawɔwɔ kple dzidzɔ ate ŋu anɔ ame ƒe ƒomegbenɔnɔ me egbea?’ Ède ŋugble le nya sia hã ŋu kpɔa?” Na wòaƒo nu, emegbe nàgblɔ be: “De dzesii be Efesotɔwo 3:14, kple 15 yɔ Mawu be ƒomegbenɔnɔ Ðola. Enya ameƒomea ƒe nuhiahiãwo eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ, eyata eɖo aɖaŋu na mí le ƒomegbenɔnɔ ŋu.” Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ la vɔ la, he susu yi Family Life ƒe agbalẽa ƒe axa 9 kple 10 dzi eye nàxlẽ memamã 14 lia. Esia ana miadzro memamã siwo kplɔe ɖo le ta ma me la me. Na agbalẽae eye nàbia tso esi be wòatia ta si me miagadzro ne ègava. Ne aƒemenɔlaa mexɔ agbalẽa o la, àte ŋu ana Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt lae.
6 Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu azã agbalẽ siwo sɔ ɖe fifi ɣeyiɣia nu la atsɔ afia nu amesiwo ɖi alẽwoe. Míate ŋu akpe ɖe ame ƒomevi ɖesiaɖe ŋu be woade ha kple Mawu ƒe habɔbɔa eye woakpɔ viɖe tso egbekuxiwo gbɔkpɔnu si le Biblia me la me. Enye míaƒe mɔnukpɔkpɔ be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me esi míele agbalẽ evea siaa zãm nyuie le August me.