Mawu ƒe Nufiafia Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Vevie
1 Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye na mí be míaxɔ nufiame tso mía Wɔla, Yehowa Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ! (Ps. 50:1; Yes. 30:20b) Ame geɖe siwo tso dukɔwo katã me le zi ƒom ɖe eƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe to la ŋu be wòafia nu yewo. (Mixa 4:2) Ame miliɔn geɖe bubuwo dea suku siwo me wofiaa amegbetɔ ƒe susu kple xexemenunya le. Gake nunya si menɔ te ɖe Yehowa kple eƒe Nya si woŋlɔ ɖi dzi o la nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume, eye amesiwo nɔa eyome la va zua bometsilawo.—Ps. 14:1; Kor. I, 1:25.
2 Míekpɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe nufiafia ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu le míaƒe nutome gã takpekpe si míewɔ nyitsɔ laa me. Eƒe tanya si nye “Mawu ƒe Nufiafia” nɔ nuƒoawo katã me. Míesrɔ̃e be Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ ƒoa mía nu ƒu ɖekae ɖe xexeame katã ƒe nɔvisiléle me, wotrɔa míaƒe amenyenye, wokpɔa mía ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo me, eye wohea mí be míanye subɔla nyuiwo. Aleke Mawu ƒe nufiafia ɖe vi na wò ŋutɔe?
3 Ŋusẽ si Wòkpɔna Ðe Kristotɔ ƒe Agbenɔnɔ Dzi: Mawu ƒe nufiafia na míete ŋu hea míaƒe dzitsinya. Wotsɔ dzitsinya dzi amesiame, gake ele be míana hehee be wòate ŋu afia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ mí ahakplɔ mí le subɔsubɔ si dzea Yehowa ŋu me. (Ps. 19:8, 9; Rom. 2:15) Xexeametɔwo metrɔ woƒe tamesusu ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu o, eye esia na wotɔtɔ eye womenya vovototo le nu nyui kple nuvɔ̃ dome o. Nyaʋiʋliwo doa mo ɖa le agbenyuinɔnɔ kple agbenɔnɔŋutisewo ŋu le esi amesiame tea tɔ ɖe edzi be woawɔ ɖe nusi ye ŋutɔ yebu be enyo dzi ta. Ame akpa gãtɔ di be yewoakpɔ ablɔɖe blibo ale be yewo ŋutɔ yewoatso nya me le agbe si yewoanɔ ŋu. Wogbea toɖoɖo nunya vavãtɔ tsoƒe ɖeka kolia la. (Ps. 111:10; Yer. 8:9; Dan. 2:21) Gake Mawu ƒe nufiafia kpɔ nya siawo gbɔ na mí, eye míekpɔtɔ nye Mawu ƒe aƒemetɔ siwo wɔ ɖeka elabena efiaa nu mí. Míetsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na etsɔ me le dzitsinya nyui me eye míele dɔ wɔm vevie le míaƒe subɔsubɔdɔa me.
4 Mawu ƒe nufiafia kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe “nufiafia ƒe ya sia ya” nu. (Ef. 4:14) Xexemenunya ŋuti nusɔsrɔ̃ si naa amewo zua amesiwo dia vodada le ame ŋu kple ɖikelawo, si doa ame ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ɖe ŋgɔ, eye wògblẽa agbenyuinɔnɔ dome la mekpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o. Edzɔa dzi na mí be Yehowa fiaa nu mí eye esia nana míeƒoa asa na nuxaxa kple dzigbagbã siwo vaa ame geɖe dzi la. Yehowa ƒe sewo kple ŋkuɖodzinyawo le abe ‘nya si le mía megbe’ ene si le gbɔgblɔm be: “Mɔ la enye si, mito edzi!”—Yes. 30:21.
5 Míaƒe Kpekpewo Kple Subɔsubɔdɔ: Míebua nya siwo le Hebritɔwo 10:23-25 be enye sedede si tso Mawu gbɔ. Yehowa fiaa nu mí le hame ƒe kpekpewo me. Ðe míedea kpekpewo ɣesiaɣia, alo ɖe míebua kpekpewo dede be mele vevie tututu o? Miɖo ŋku edzi be míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖee nye be míaƒo ƒu ɖekae. Mele be míabui be ne edze mia ŋu la míayi alo agbe o. Míate ŋu ana gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na mí la ƒe akpa aɖeke nato mía ŋu o.
6 Mose do gbe ɖa na Mawu be: “Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu naɖo mía si!” (Ps. 90:12) Ðe míawo hã míedoa gbe ɖa alea? Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe ŋkeke xɔasi ɖesiaɖe ŋua? Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu la, ekema ‘dzi nyanu aɖo mía si’ ne míewɔ ŋkeke ɖesiaɖe ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nu tsɔ hea kafukafu vɛ na míaƒe Nufiala Gã, Yehowa Mawu. Mawu ƒe nufiafia akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.