Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le October me: Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ nudɔdɔ xɔxɔ alo Mankind’s Search for God (ne ɖe le mia si). November: New World Translation of the Holy Scriptures kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa. December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe siwo wota ɖe agbalẽ siwo biã dzi alo si ƒe amadede trɔ alo esiwo wota do ŋgɔ na ƒe 1980. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o la ate ŋu ana Mankind’s Search for God. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le nusiwo woagadɔ me ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe “Literature Order Form” (S-14) dzi. Agbalẽ xoxo siwo míeyɔ va yi la li eyata hame siwo si womele o la, ate ŋu adɔ wo.
◼ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe emedegbalẽvie nye Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ðoɖowɔwɔ Hena 1994 eye miadzrae ɖo ne miazã le ƒe 1994 katã me.
◼ Habɔbɔa le 1970 vaseɖe 1979 Watchtower bablawo tam ɖe Eŋlisigbe me abe agbalẽ siwo anɔ anyi ɖaa hameawo nadɔ ne ehiã wo ene. Amesiwo hiã na agbalẽ babla siawo nadɔ wo to hamea dzi. Taflatse miɖo ŋku edzi be agbalẽ babla siawo nye agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le.
◼ Hamewo nadze Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe—1994 dɔdɔ gɔme ɖe woƒe October ƒe nudɔgbalẽvia dzi. Woanɔ Eŋlisigbe, Eʋegbe, Fransegbe, Gɛgbe, kple Twi me. Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe nye agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Do:
Eʋegbe kple Gɛgbe: Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me
◼ Agbalẽ Siwo Gava:
Eʋegbe Kple Twi: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ.
◼ “Diskette” Yeye Siwo Li:
Eŋlisigbe: New World Translation—With References, miate ŋu adɔ diskette 7 tɔ si ƒe dzesidee nye “3 1/2 inch, 720 kilobytes ds3Rbi8” alo diskette 4 tɔ si ƒe dzesidee nye “5 1/4 inch, 1-2 megabytes ds5Rbi8.” Eƒe asi na mɔɖelawoe nye ₵5,000 eye gbeƒãɖelawo tɔe nye ₵6,000; New World Translation—With References/ Insight on the Scriptures hã le diskette 9 siwo nye (3 1/2 inch, 1-44 megabytes ds3Rit) alo diskette 10 siwo nye (5 1/4 inch, 1-2 megabytes ds5Rit) dzi. Mɔɖelawo axɔe ₵7,500 eye gbeƒãɖelawo axɔe ₵9,000.
◼ Nusiwo hã gali: Agbalẽ ƒe akpa si me wodea magazinewoe (file case) (esi wowɔ yeyee) hena ₵3,000.
◼ Le dodokpɔ si míewɔna gome la, míede dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba etɔxɛ awɔ numekuku le ŋuɖoɖoawo ŋu be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua naɖe vi nɛ blibo. Esia tae Habɔbɔa tsɔa nyabiabiawo ɖona ɖa do ŋgɔ ɖo. Esi nàzã nyabiabiagbalẽvia le dodokpɔa wɔwɔ me ta la, ne èle nyatakaka siwo dzi wotu nyabiabiawo ɖo me tom la, mègate fli alo aŋlɔ nu ɖe edzi o. Tsɔ agbalẽ ɖeɖee bubu si dzi nàɖo biabia siwo abia be nàŋlɔ ŋuɖoɖoa le wò ŋutɔ wò nyagbewo me ɖo la ɖe asi le dodokpɔa wɔɣi. Dze agbagba nàɖo nya ŋu tẽ eye wòanɔ kpuie.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ April 1989 ƒe emedegbalẽvi axa 5.
◼ MIDE DZESII NYUIE: Agbalẽ si míasrɔ̃ ne míesrɔ̃ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa vɔe nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. Abe alesi míakpɔe le etame ene la, Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa do le Eʋegbe kple Gɛgbe me azɔ. Hame siwo hiãnɛ nadɔe enumake. Twi kple Eŋlisigbe tɔ hã le alɔdzedɔwɔƒea miate ŋu adɔ. Midɔe kaba.