INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/93 axa 7
  • Xlẽ Mía Degbe me Nyɔ! La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xlẽ Mía Degbe me Nyɔ! La
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 11/93 axa 7

Xlẽ Mía Degbe me Nyɔ! La

1 Enye dzidzɔ be míanya be Nyɔ! 13,240,000 si nye agbosɔsɔ gbogbotɔ kekeake la tamee wole fifia ɖe gbegbɔgblɔ 67 siwo ŋu Twi kple Eʋegbe kpe ɖo la me. Aleke gbegbe Yehowa yra ɖe The Golden Age (si nye Nyɔ! fifia) si ƒe ʋee aɖewo ko wotana esime wodze etata gɔme le ƒe 1919 me la dzie nye si!—Tsɔe sɔ kple Zaxarya 4:10.

2 Mía Degbe me “Nyɔ!” ƒe Agbɔsɔsɔ si Wotana: Míedze Nyɔ! tata ɖe Twi me gɔme le dukɔ sia me tso October 8, 1975 ƒe tataa dzi. Nyɔ! si míeta ɖe Twi me va ɖo agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 23,800 esime wota October 8, 1978 tɔ. Edze ƒã be ame geɖe ŋutɔ nɔ Twi ƒe Nyɔ! la xlẽm ɣemaɣi.

3 Dzidzɔ kae nye si wònye esi míedze Nyɔ! tata gɔme ɖe Eʋegbe me tso September 8, 1992 tɔ dzi! Nɔvi siwo le Togo kple Ghana koŋ ye tso aseye.

4 Esime Twi ƒe Nyɔ! ƒe tata ɖo eƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake me le ƒe 1978 me la, gbeƒãɖela 22,000 ye nɔ Ghana. Fifia esi wònye gbeƒãɖela 41,000 ye le Ghana (si nye ƒe 1978 gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ teƒe eve) ta la, míate ŋu agblɔ be Twi nuxlẽlawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi ŋutɔ.

5 Twi ƒe Nyɔ! tata va tɔ te le asiɖoɖodɔa dzi me gake wogadze egɔme kple March 8, 1991 ƒe tataa, eye wota 3,550 tsɔ dze gɔmee. Fifia 3,400 ye wotana. Ne míetsɔe sɔ kple agbɔsɔsɔ siwo wotana gbã la, edze ƒã be amesiwo nɔ Twi ƒe Nyɔ! xlẽm xoxoxo kple amesiwo dze exexlẽ gɔme nyitsɔ laa la dometɔ aɖewo megaxlẽnɛ o.

6 Eʋegbe ƒe Nyɔ! 4,700 ye wota gbã le gɔmedzedzea me. Fifia 3,900 ye wotana. Le esia gome hã la, amesiwo dze egɔme nɔ exlẽm la dometɔ aɖewo megaxlẽnɛ fifia o.

7 Nukatae Exlẽlawo Dzi Ðe Kpɔtɔ Ðo?: Wogblɔ be gakuxi siwo li fifia la nye nusiwo ta amewo megaxlẽa mía degbe me Nyɔ! o la dometɔ ɖeka. Togbɔ be womesrɔ̃a Nyɔ! le hame ƒe kpekpewo me abe Gbetakpɔxɔ ene o hã la, esi wònye mía degbe me Nyɔ! la dona ɣleti sia ɣleti ta la, ɖe ₵150 si míatsɔ aƒle ɖeka ɣleti sia ɣleti la sɔ gbɔ akpaa?

8 Agbɔsɔsɔ si Wotana Dzidzi Ðe Edzi: Aƒemenɔla geɖe menya be wotaa Nyɔ! ɖe Twi kple Eʋegbe me o. Gbeƒãɖela siwo le dukɔ sia me ƒe akpa gãtɔ le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔm kple aƒemenɔlawo le mía degbe me ƒe agbalẽwo me xoxo. Eyata nukata màtsɔ mía degbe me Nyɔ! afia Biblia-nusrɔ̃vi siawo atsɔ aɖe magazine ƒe ademɔe o?

9 Nɔ ŋudzɔ ɖe nyati siwo adzɔ dzi na amewo le mia gbɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dzobibi nye afɔku si dzɔna kokoko le dukɔ sia me. Nyati aɖe le November 8, 1993 ƒe Nyɔ! la me si ƒo nu tso dzodzegbe ŋu. Eƒo nu tso nu geɖe siwo hea dzodzegbe vɛ ŋu hede enu tsitsi ƒe dzi ƒo. Nyatia le kpuie eye adzɔ dzi na amesiwo le kɔƒenuto siwo me dzodzegbe ƒe kuxia nye nu ŋutɔŋutɔ le la.

10 Nyɔ! ƒe nyati aɖewo me sesẽna ale gbegbe be ele be míaƒe gbegɔmeɖelawo nawɔ numekuku geɖe hafi ate ŋu akpɔ nya si asɔ le Eʋegbe me na nyawo, nyagbɔgblɔ kple nya siwo wogblɔ kple atsyã. Sukuvi siwo awɔ Twi kple Eʋegbe ŋuti dodokpɔ le suku ate ŋu akpɔ viɖe tso eme to alesi wòana woanya mía degbea gbɔgblɔ kple eŋɔŋlɔ nyuie wu me.

11 Mía degbe me magazine siwo míetana la ɖe dzesi elabena mía degbe me magazinewo mele dukɔ sia me o. Ne ète ŋu xlẽa Eʋegbe alo Twi la, ke dɔ mía degbe me Nyɔ! be wò ŋutɔ nàxlẽ. Dɔe na viwò siwo nya nuxexlẽ hã be wòakpe ɖe wo ŋu woanya gbegbɔgblɔa ɖe edzi. Midɔ agbɔsɔsɔ si sɔ ne miana le gbeadzi. Ne èkpe asi ɖe eŋu la, mía degbe me Nyɔ! ate ŋu ava nye esi wotana ɣleti afã sia ɣleti afã abe Eŋlisigbe me tɔ ke ene. Míele mɔ kpɔm na ŋkeke si dzi esia ava eme la vevie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe