INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/94 axa 5
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 4/94 axa 5

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le September 5 vaseɖe December 19, 1994 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me la ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Satana blea amewo ayetɔe be woaɖi kɔ na woƒe dzodzrowo le mɔ gbegblẽwo nu. [3, uw axa 65 mm. 9]

2. Sheol, Hades, kple Gehenna katã fia ameƒomea ƒe yɔdo ko. [5, uw axa 72 mm. 6]

3. Esi Psalmo 110:​1, 2 me vava yi ŋgɔ ge ɖe xexe sia ƒe ŋkeke mamleawo me ta la, kpukpui siawo kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be menye Yerusalem ƒe tsɔtrsɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me ŋu koe Yesu ƒe nyagblɔɖi le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ŋu ku ɖo o. [14, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w94 2/15 axa 12 mm. 17.]

4. Sanhedrin la nye Romatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔ si me ame 71 siwo kpea ta le Yerusalem la nɔ. [13, gt ta 119]

5. ‘Xexemefia’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Efesotɔwo 6:12 lae nye dziɖuɖumegã siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o. [2, uw axa 63 mm. 4]

6. Nusi ame miliɔn geɖe siwo woafɔ tso ame kukuwo dome wɔ hafi ku dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. [6, uw axa 75 mm. 12]

7. Tsɔ kpe ɖe nubabla yeyea ƒe Domenɔla si Yesu nye ŋu la, eya ŋutɔ bla nu kple eƒe apostolo nuteƒewɔlawo hena Fiaɖuƒe. [6, gt ta 115]

8. Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋutɔ nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe kpeɖodzi. [16, uw axa 100 mm. 12]

9. Esi Yesu do gbe ɖa be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye” la, enɔ biabiam be woana ku nato yi ŋu ayi. (Luka 22:42) [11, gt ta 117]

10. Le Psalmo 58:5 ƒe nya nu la, ƒli mete ŋu sea nu o. [1, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ it-1 axa 485.]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:

11. Dzimaɖitsitsi kawo mee wòle be nyanya be Yehowa naa nuɖuɖu xeviwo hetaa avɔ dzeaniwo na seƒoƒowo nana esubɔlawo navo tso? [10, uw axa 87 mm. 3]

12. Abe alesi wogblɔe ɖe Psalmo 58:​4-6 ene la, aleke ame vɔ̃ɖiwo le abe da ene? [1, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w86 10/15 axa 30.]

13. Le ɖekawɔwɔ me kple Efesotɔwo 5:​3-5 me la, nuka dzie Kristotɔ si wɔa nugɔmesese ŋudɔ la anɔ te ɖo agbe hadzidzi aɖewo siwo anya se alo eƒe ɖiɖi ʋãa ame la? [3, uw axa 67 mm. 12]

14. Nukae Biblia wɔnɛ le Nyaɖeɖefia 20:​14, afisi wògblɔ le be “wotsɔ” Hades “ƒu gbe ɖe dzota la me”? [6, uw axa 75 mm. 12]

15. Nuka dzie wonɔ te ɖo drɔ̃ ʋɔnu alẽ kple gbɔ̃ siwo le Yesu ƒe lododo si le Mateo 25:​31-46 me? [2, gt ta 111 mm. 43]

16. Ne ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 11 lia wu enu le Braɖa ɣeɖoto la, ke ɣekaɣie Nisan 14 lia dze egɔme hewu enu? [3, gt ta 112]

17. Nukae nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe Fofo la kple Vi la kple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋkɔ me fia? [15, uw axa 98 mm. 9]

18. Abe alesi Yesu gblɔe le Yohanes 14:12 ene la, mɔ ka nue eƒe nusrɔ̃lawo awɔ dɔ gãwo wui le? [7, gt ta 116 mm. 6]

19. Nukae nye “dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe” si ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 91:​1, eye nukae wòle be míawɔ be míanɔ afima? [9, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93 12/15 axa 12; w86 12/15 axa 29.]

20. Nukata Yesu te ŋu gblɔ le Yohanes 16:33 be yeɖu xexeame dzi? [9, gt ta 116 mm. 37]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Abe alesi wòdze le Hiob ƒe nya la me ene la, Satana gblɔ be ․․․․․․․ me nunɔamesiwo, mía ŋutɔ míaƒe dzidzeme kple nyonyo, kpakple ․․․․․․․ ƒe susu tae míesubɔa Mawu ɖo. [12, uw axa 93 mm. 13]

22. Esime wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ Yesu la, ․․․․․․․ ye nye Yudea-dziɖula, eye ․․․․․․․ nye Galilea-fia. [15, 16, gt ta 121, 122]

23. Le ɖekawɔwɔ me kple ․․․․․․․ ƒe numeɖeɖe si le Luka 3:16 la, wotsɔ ․․․․․․․ nyrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gbã le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste; wotsɔ ․․․․․․․ nyrɔ̃ Yudatɔ matrɔdzimewo le ƒe 70 M.Ŋ. me. [13, uw axa 96 mm. 4]

24. Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe ․․․․․․․ me dze egɔme le ƒe 29 M.Ŋ. me, gake mewu enu keŋkeŋ o vaseɖe esime ․․․․․․․ ŋutɔŋutɔ eye ․․․․․․․ [14, uw axa 97 mm. 6]

25. Amesiwo le nubabla yeyea mee nye ․․․․․․․ kple ․․․․․․․ . [5, gt ta 114]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Edze ƒã be “mawuwo” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 82 lae nye (Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo; dukɔwo ƒe mawuwo; ŋutsu siwo nye Israel-ʋɔnudrɔ̃lawo). [7, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w86 12/15 axa 28.]

27. Tameɖoɖo vevi si ta Yesu va xexeamee nye be (wòaɖe ameƒomea; wòawɔ nusrɔ̃lawo; wòaɖi ɖase na nyateƒe la). [16, gt ta 122]

28. Ne míele veve sem le ŋutilã me alo míebu nunɔamesiwo la, Abosam adi be (míade bubu Yehowa ŋu ahaɖee fia be Abosam nye aʋatsokala; míabu fɔ Mawu ahadzudzɔ nuteƒewɔwɔ; míado dzi abe alesi Hiob do dzii ene). [1, uw axa 60 mm. 13]

29. Nu etɔ̃ siwo Yudatɔ-subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo tsɔ tso Yesu nui si woŋlɔ ɖe Luka 23:2 dometɔ si me Pilato tsɔ ɖe le vevie enye be Yesu (le to gblẽm na Yuda-dukɔa; gblɔ be womegaxe adzɔ na Kaisaro o; gblɔ be ye ŋutɔe nye Kristo fia la). [15, gt ta 121]

30. Le Psalmo 63:​4 la, Dawid nɔ gbɔgblɔm be ƒomedodo nyui si anɔ ame kple Yehowa dome lae nye (nu vevi si kplɔ agbe ɖo; nusi le vevie abe agbe ene; nusi le vevie wu agbe ŋutɔ gɔ̃ hã). [2, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w85 4/1 axa 4.]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Ps. 86:​1, 2; Mat. 26:52; Yoh. 13:​1-17; Yoh. 15:8; Heb. 13:​5, 6

31. Togbɔ be nuwo le asi xɔm eye ame geɖe mekpɔ dɔ awɔ o hã la, ne míedze agbagba wɔ nu wòsɔ ɖe míaƒe xɔse nu la, Yehowa akpɔ egbɔ be nusiwo hiã mí nyateƒe la nasu mía si. [10, uw axa 89 mm. 6]

32. Kristotɔ vavãwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o; eyata womezãa ŋutilãmeʋawɔnuwo o. [12, gt ta 118; kpɔ w94 6/1 axa 12.]

33. Togbɔ be kuxi siwo vaa mía dzi la ana míatsi dzimaɖi eye nu nate ɖe mía dzi hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atrɔ eƒe to ɖe anyigba sia ŋu ahaɖo to míaƒe ɖokuibɔbɔ ƒe gbedodoɖawo. [8, Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92 12/15 axa 9 mm. 3, 4.]

34. Míate ŋu akafu Mawu le nyateƒe me to nɔnɔme siwo ɖi Kristo tɔ, vevietɔ lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple gomekpɔkpɔ bliboe le nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔa me alesi míate ŋui me. [8, gt ta 116 mm. 19]

35. Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, eɖanye aleke ke dɔa le tsɛ alo madze mía ŋu o. [4, gt ta 113]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe