Gbeƒãɖeɖewo
◼ July ƒe agbalẽnunana: Mina axa 32-gbalẽvi ɖesiaɖe si le hamea si xoxo la ƒe etɔ̃ ƒokpli. Ne agbalẽviwo mele hamea si o la, miate ŋu ana agbalẽ gbadza si sɔ la ɖe eteƒe. August: Miate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? September: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe nudɔdɔxɔxɔ. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã gbeadziyigbalẽ siawo la nadɔ wo le woƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa le ɣleti si kplɔe ɖo me la dzi.
◼ Betel anɔ tutu le July 1 dzi. Womawɔ dɔ gbemagbe o.
◼ Mieɖo miaƒe hamea ƒe Anyigbamamã si Le Nuvo ƒe Dɔbiagbalẽvi (S-90) ɖa xoxoa? Ne mieɖoe ɖa haɖe o la, míetsɔ esia le ŋku ɖom edzi na mi.
◼ Míele nudɔgbalẽvi eve ɖom ɖe hamewo katã woatsɔ adɔ ƒe sia ƒe ƒe agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le, abe Ƒegbalẽwo, Gbetakpɔxɔ bablawo, kple bubuwo kpakple subɔsubɔgbalẽviwo ene. Míena afɔɖoƒe siwo dzi miazɔ ɖo eme kɔ nyuie ɖe míaƒe lɛta FA:SH May 13, 1994 me ɖo ɖe hamemegãwo ƒe hawo katã. Ele be Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti nakpɔ egbɔ be wokpe nudɔgbalẽvi eveawo ɖo pɛpɛpɛ heɖo wo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le September 30, 1994 dzi.