INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/94 axa 1
  • Na Kakaɖedzi ƒe Nɔnɔme Nenɔ Asiwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Kakaɖedzi ƒe Nɔnɔme Nenɔ Asiwò
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègana Ta Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me O—Yi Edzi Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ðe Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Fia!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nya Alesi Woalala!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ðe Gbeƒã Dzonɔamemetɔe Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 8/94 axa 1

Na Kakaɖedzi ƒe Nɔnɔme Nenɔ Asiwò

1 Dzidzɔ gã kae nye esi wònyena na mí be míaxlẽ nu tso dzidziɖedzi wɔnuku siwo le edzi yim le anyigba geɖe dzi la ŋu! Gake míenya be le teƒe aɖewo la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo doa go ɖekematsɔleme, vivimadomado ɖe míaƒe nya ŋu, alo tsitretsitsi ɖe míaƒe dɔa ŋuti ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã. Aleke míawɔ be kakaɖedzi nanɔ mía si ne aleae wòle le míaƒe anyigbamamã me? Aleke míawɔ be dziɖeleameƒo maxɔ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le mía si alo wòafa lãme na mí le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me o?

2 Kakaɖedzi ƒe nɔnɔme akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ. Le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã me la, mele be míaɖe mɔ dziɖeleameƒo ƒe susuwo naɖu míaƒe tamebubu dzi o. Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu si de blibo ɖi na mí. Ame ʋee aɖewo koe xɔ eƒe nufiafia. Eƒe nufiafia nye nukikli na ame geɖe. Eto nɔnɔme siwo do eƒe dzidodo kpɔ vevie me. Subɔsubɔhakplɔlawo ɖe ɖeklemi eƒe dɔa eye woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui. Woɖe ta ɖe eŋu, woƒo tome nɛ, woɖu fewu le eŋu, woƒoe, eye wowui mlɔeba. Ke hã ekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔa me. Nukatae? Elabena enya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe vevienyenye eye mena ta o.—Yoh. 4:34; 13:17; Heb. 12:2.

3 Na Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ŋuti Nukpɔsusu Nyui Nanɔ Asiwò: Be wòanɔ mía si la, ele be nu geɖe nanɔ susu me na mí. Nenɔ susu me na wò be ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le míaƒe gbedasia me o alo wotsia tre ɖe eŋu. (Mat. 13:14, 15) Togbɔ be dziɖuɖu de se na apostoloawo be womegaɖe gbeƒã le Yesu ƒe ŋkɔ me o hã la, wolé gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na wo la me ɖe asi sesĩe, eye eƒe kutsetsewo nɔ vavam. (Dɔw. 5:28, 29; 6:7) Ele nyanya na mí do ŋgɔ be le anyigbamamã aɖewo me la, ame ʋee aɖewo koe aɖo to. (Mat. 7:14) Eyata enyea dzidzɔ na mí ne ame ɖeka koe ɖoa to gbedasia le míaƒe anyigbamamã me. Ðo ŋku edzi hã be ele be míana mɔnukpɔkpɔ tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã be woase nya la. (Xez. 33:8) Tsitretsiɖeŋula aɖewo va zua Yehowa subɔlawo emegbe. Eyata ne míetsɔ nukpɔsusu nyuitɔ bu míaƒe subɔsubɔdɔa ŋui la, enaa dzidzeme mí be míewɔ dɔ vevi aɖe, ne eganye ame ʋee aɖewo koe ɖo to hã. Míaƒe amewo gbɔ yiyi le woƒe aƒewo me kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe gbedasia ɖeɖe hã nye ɖaseɖiɖi.—Xez. 2:4, 5.

4 Susu nyui li si ta wòle be kakaɖedzi nanɔ mía si. Ele be alesi dɔa le dzidzedze kpɔm le xexeame katãe kple kpeɖodzi siwo le dzidzim ɖe edzi be xaxa gã la ɖo vɔ la naʋã mí katã be míatsɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe asubɔe le mawusosroɖa me. (Pet. II, 3:11, 14) Dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe le August me anye mɔ nyui aɖe si nu míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo míesrɔ̃ ŋu afia le eye wòanye taƒoƒo nyui aɖe na subɔsubɔƒea hã. Míedi be ame yeye siwo le ha dem kple mí hã naɖe nɔnɔme nyuiwo afia ɖe nusiwo fiam míele wo la ŋuti. Ne míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo yi ŋgɔ ɖo afisi woate ŋu azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo la, ke August anye ɣeyiɣi nyui aɖe si woadze egɔme.

5 Míeɖanye gbeƒãɖelawo alo mɔɖelawo o, ekpena ɖe mía ŋu ne mí katã míebui be nusi Yehowa biana tso mía si la menye agba kpekpe o. (Yoh. I, 5:3) Edo ŋugbe na mí be yealé mí ɖe te. (Heb. 13:5b, 6) Togbɔ be míado go amewo ƒe ɖekematsɔleme, vivimadomado ɖe míaƒe nya ŋu, alo tsitretsiɖeŋu hã la, ele be kakaɖedzi nanɔ mía si eye míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míawɔ dɔ sia.—Tim. I, 2:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe