INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/94 axa 1
  • Womena Naneke Xe Mɔ na Woƒe Ðaseɖiɖi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Womena Naneke Xe Mɔ na Woƒe Ðaseɖiɖi O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ðaseɖiɖi Nyuie le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Do Vevie le ‘Ðaseɖiɖi Tsitotsito’ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Vomeɖaseɖiɖia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 9/94 axa 1

Womena Naneke Xe Mɔ na Woƒe Ðaseɖiɖi O

1 Míaƒe ŋkɔ, Yehowa Ðasefowo, ɖe amesiwo míenye kple dɔ si míewɔna la fia. Míeɖia ɖase le Yehowa, mía Mawu la, ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. (Yes. 43:10, 12) Ele be amesiame si di be yeanye hamea me tɔ la nakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔ sia me. Míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa dzi koŋ ye míetona wɔa ɖaseɖiɖidɔa, esi ƒe akpa aɖewoe nye amewo gbɔ yiyi tso aƒeme yi aƒeme, ablɔdziɖaseɖiɖi, tɔtrɔyiwo, kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ. Esɔ be wode dzi ƒo na mí katã be míadze agbagba awɔ mía tɔ sinu bliboe.—Kor. I, 15:58.

2 Gake hamea me tɔ aɖewo mate ŋu awɔ geɖe o. Ðewohĩ dɔdzedze vevie alo lãmegbegblẽ ana woatsi teƒe ɖeka. Ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ate ŋu anye mɔxeɖenu sesẽwo. Dzila dzimaxɔsetɔ ate ŋu axe mɔ na via. Awɔ na amesiwo le nuto siwo sa ɖe aga siwo me ʋuɖonyawo ɖea fu le me la be yewomate ŋu aɖi ɖase o. Ŋukpe ate ŋu ana amesiwo ƒo dzi mele o nahe ɖe megbe. Gbeƒãɖela aɖewo siwo kpɔ be yewole nɔnɔme siawo alo bubu siwo ɖi esiawo me la ase le wo ɖokui me be yewomete ŋu le nusi wodi tso Kristotɔwo si la gbɔ ɖom o le esi dɔ si wɔm wole la megogo afi aɖeke na esi wɔm ame bubuwo le o eye meɖo afisi woawo ŋutɔ di be yewoawɔe aɖoe hã o ta. Mele be woabu woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedzewo nu tsɛe o. (Gal. 6:4) Ne wodze sii be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe yewoƒe ŋutete ɖesiaɖe si yewoawɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe si me yewole me ŋu la, ana woƒe dzi nadze eme.—Luka 21:1-4.

3 Mɔ si nu Nàto Akpɔ Gome le Eme Didi: Wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ akpe geɖe siwo fia alesi amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me meɖe mɔ mɔxenuwo de afɔ atame na woƒe ɖaseɖiɖidɔa o. Woawo ŋutɔ bu tame di mɔ vovovo siwo nu woaɖi vomeɖase le. Ame aɖewo siwo tsi teƒe ɖeka la zã lɛtaŋɔŋlɔ (alo telefon, le afisiwo wòle) tsɔ ʋu ɖaseɖiɖi ƒe ʋɔtru gã aɖee. Wobua amesiame si vaa wo gbɔ la be ate ŋu aɖo to. Togbɔ be srɔ̃nyɔnu si ŋu ƒometɔwo tsi tre ɖo mate ŋu aɖi ɖase le aƒeme o hã la, ewɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ ɖia ɖase na aƒelikawo alo ame bubu siwo wòdoa goe le eƒe gbesiagbedɔwɔnawo me.

4 Dzila dzimaxɔsetɔ ate ŋu axe mɔ na via be megawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa o. Le esi wòaxɔe be enye mɔxenu si ŋu yemate ŋu awɔ naneke le o teƒe la, ate ŋu abu eƒe sukuhatiwo kple nufialawo be woawoe nye yeƒe “anyigbamamã” eye wòate ŋu aɖi ɖase nyuie, ɖewohĩ ate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔ̃ hã. Amesiwo le nuto siwo sa ɖe aga me dometɔ geɖe te ŋu ɖi ɖase to lɛtaŋɔŋlɔ me. Amesiwo Kristotɔwo ƒe dzonɔameme ʋãna la akpɔ mɔ aɖe si nu woato be womagazu “kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo . . . me o.”—Pet. II, 1:8.

5 Le mía tɔ sinu wɔwɔ le ɖaseɖiɖidɔa me gome la, dzidzenu ɖekae Yehowa ɖo na mí katã, eyae nye be ele be míawɔ dɔ kple ‘luʋɔ blibo.’ (Kol. 3:23) Togbɔ be ɣeyiɣi si míezãna kple dɔ si míewɔna ato vovo hã la, ŋusẽ ɖeka ma ke ʋãa mí—eyae nye lɔlɔ̃ vavãtɔ si tso “dzi blibo” me. (Kron. I, 28:9; Kor. I, 16:14) Ne míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe la, mele be míase le mía ɖokui me gbeɖe be míaƒe xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm alo be viɖe aɖeke mele mía ŋu le hamea me o le esi nusi míete ŋu wɔna la le sue ta o. Abe Paulo ene la, míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be ‘míegbe nusiwo nyo la gbɔgblɔ na mi alo nufiafia mi le gaglãgbe o.’—Dɔw. 20:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe