INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/94 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 9/94 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le September me: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine nudɔdɔwo. November: New World Translation of the Holy Scriptures kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Ne agbalẽ sia mele mia si o la, ke mizã Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã gbeadziyigbalẽ siawo la nadɔ wo le woƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa le ɣleti si kplɔe ɖo me la dzi.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo le emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔe vɔ.

◼ Gbeƒãɖela siwo le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le October me la natsɔ woƒe dɔbiagbalẽ ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ ɖoɖo siwo hiã la ɖe agbalẽwo kple anyigbamamã ŋuti.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe mɔfiafia siwo wogblɔ ɖe April 15, 1991, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 21-3 alo Vol. 112, No. 8 EW, axa 20-5 le amesiwo woɖe le hame alo amesiwo ɖe wo ɖokui le hame siwo anɔ didim be woagaxɔ yewo ŋu la dzi pɛpɛpɛ.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na subɔsubɔkɔmitia be woakpɔ egbɔ aɖo “Literature Inventory Form” (S-AB-18) la ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 6, 1994 nava yi. Ele be woaɖo “Congregation Analysis Report” (S-10) ɖa hafi September 10, 1994 nava yi.

◼ Tso September dzi la, nutome sue dzikpɔlawo ato Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe dɔwɔnawo me kpli wo, woazã mɔfiagbalẽ si Habɔbɔa tsɔ na wo.

◼ Woawɔ ɖoɖo na nɔvi siwo ada ʋu ava ɖi tsa le Betel la be woakpɔ Habɔbɔa ƒe videokasɛtwo dometɔ ɖeka. Ƒuƒoƒo siwo da ʋu va koe wowɔ ɖoɖo sia na, ke menye na ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒo suewo o.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gali:

Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twi: Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?

◼ Agbalẽ Si Gava:

Eŋlisigbe: Sing Praises to Jehovah (Suetɔ).

◼ Kasɛt Siwo Gava:

Eŋlisigbe: Jehovah’s Name to Be Declared in All the Earth; Jehovah Delivers Those Calling Upon His Name.

◼ Videokasɛt Siwo Gava:

Eŋlisigbe: Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name; The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy; The Bible—Mankind’s Oldest Modern Book.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe