INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/94 axa 1
  • Ewɔɣie Nye Sia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ewɔɣie Nye Sia
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • 12 Taɖodzinuwo
    Nyɔ!—2018
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Le Agbe Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 10/94 axa 1

Ewɔɣie Nye Sia

1 Esi apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta evelia na Korintotɔwo la, eɖo ŋku edzi na wo be woɖoe be yewoawɔ kpekpeɖeŋudɔ nyui aɖe na wo hati xɔsetɔ siwo le Yerusalem. Gake ƒe ɖeka va yi esi womewu dɔ si gɔme wodze la nu o. Eyata eƒoe ɖe wo nu be: “Miyi edzi ne miawu ewɔwɔ nu: mitsɔ didi vevie si mietsɔ xɔ dɔae la ke wu enu.”—Kor. II, 8:11, The New English Bible.

2 Mí katã míeɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui kpɔ. Ðewohĩ míeɖoe be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi, míanya mía nɔviwo nyuie wu, míadze axɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe, alo be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Togbɔ be susu nyuiwoe míetsɔ dze egɔmee hã la, ɖewohĩ míete ŋu yi edzi ɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ o. Kaka míadze sii la, kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã va yi ŋgɔyiyi aɖeke mawɔmawɔe. Ðe wòanye be ahiã be míawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be ‘míayi edzi awu’ nusi gɔme míedze ‘nu’ la dzia?

3 Míaƒe Taɖodzinuwo Gbɔ Ðoɖo: Ele bɔbɔe be míaɖo nane wɔwɔ na mía ɖokui, gake esesẽna be míawɔ nusi míeɖo la ade goe. Heheɖemegbe ate ŋu agblẽ ŋgɔyiyi ɖesiaɖe me. Ele be míatso nya me eye emegbe míaɖoe kplikpaa awɔ ɖe edzi enumake. Ehiã be mía ŋutɔ míawɔ míaƒe ɖoɖo. Ele vevie be míaɖo ɣeyiɣi si hiã na dɔa wɔwɔ la ɖi eye míakpɔ egbɔ be míewɔ ɣeyiɣia ŋudɔ ɖe tameɖoɖo ma ŋu. Anyo be míaɖo ɣeyiɣi si míawu dɔa nu ɖi eye míazi mía ɖokui dzi awu enu ɖe ɣeyiɣi ma dzi.

4 Ne ele sesẽm na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ la, enɔa bɔbɔe be míagblɔ be: ‘Mawɔe emegbe.’ Gake míenya nusi adzɔ le etsɔ me o. Lododowo 27:1 gblɔ be: “Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.” Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu le kaka ɖe etsɔ me dzi akpa ŋu, elabena “mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; . . . Amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.”—Yak. 4:13-17.

5 Susuhenu geɖe kple nusiwo ame bubuwo biana tso mía si ate ŋu atsyɔ míaƒe taɖodzinuwo dzi bɔbɔe. Ehiã be míadze agbagba vevie alé wo ɖe susu me ɣesiaɣi. Nya la tsɔtsɔ de míaƒe gbedodoɖawo me akpe ɖe mía ŋu. Alesi míana amesiwo te ɖe mía ŋu nanɔ ŋku ɖom wo dzi na mí ahade dzi ƒo na mí hã awɔ akpa aɖe. Dzesidede nu le míaƒe ɣletigbalẽwo dzi aɖo ŋku edzi na mí be míalé ŋku ɖe míaƒe ŋgɔyiyi ŋu. Ele be amesiame natso nya me awɔ “alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me.”—Kor. II, 9:7.

6 Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ʋu ɖi le October me be míalé fɔ ɖe míaƒe taɖodzinuwo ŋu. Míaxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ƒe nudɔdɔwo. Ðe míate ŋu aɖo taɖodzinu nyuiwo aɖo wo gbɔa? Eɖoɖo be míaxɔ nudɔdɔ ɖeka teti le dɔa wɔɣi ya ɖe? Tɔtrɔyi geɖe wu wɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye gɔmedzedze nye taɖodzinu siwo gbɔ ame geɖe ate ŋu aɖo.

7 Nunya mele eme be míahe nusi le vevie la ɖe megbe o, elabena “xexeame va yina.” (Yoh. I, 2:17) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo kple yayrawo ʋu ɖi na mí fifia le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Ekpo ɖe mía gbɔ be míawɔ wo ŋudɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe