INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/95 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 1/95 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le January me: Miate ŋu ana axa 416 alo 384 alo 192 ƒe agbalẽ siwo katã ƒe ŋku me biã si anɔ hamea si la ɖe asi si míeɖo la dzi alo axa 192 ƒe agbalẽ bubu ɖesiaɖe ɖe eƒe asi dzi. February: Míana Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. Ele be míatrɔ ayi amesiwo xɔ agbalẽ sia gbɔ, eye miadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ.

◼ Le ame bubu ƒe nu gbugbɔwɔ ƒe se si le xexeame katã nu la, masɔ be ame aɖe nalé Habɔbɔa ƒe videowo dometɔ aɖe ɖe video-kasɛt dzi ne Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa meŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe mɔ nɛ o.

◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Fiɖa, April 14 ƒe ɣeɖoto megbe. Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu adi teƒe bubu azã fiẽ ma. Mele be zã nado akpa hafi woadze Ŋkuɖodzia ɖuɖu gɔme si awɔe be ɖetsɔlemetɔ yeyewo mate ŋu ayi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mele be ɣeyiɣi si atso wo dome la nanɔ kpuie ale gbegbe be ɣeyiɣi manɔ anyi do ŋgɔ na azã la ɖuɖu alo emegbe be miado gbe na amedzrowo, awɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si woayi edzi ana ame aɖewo ŋu, alo ade dzi ƒo na mia nɔewo o.

◼ Le Kwasiɖagbe, April 23, 1995 dzi la, woaƒo dutoƒonuƒo tɔxɛ aɖe le hamewo katã me si ƒe tanyae nye “Alakpasubɔsubɔ ƒe Nuwuwu Gogo.” Kpɔ egbɔ nàkpe amesiwo katã ava Ŋkuɖodzia le ƒe sia me. Míadze agbagba tɔxɛ akpe ɖe nusrɔ̃vi miliɔn geɖe siwo míele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kpli la ŋu. Nya si woagblɔ le kpekpea megbe gbemagbe la aʋã wo kple mía nɔviwo katã be woakpɔ mɔ na gomekpɔkpɔ le trakt tɔxɛ aɖe mamã me.

◼ Tso March dzi la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Mawu ƒe Nufiafia Ðua Dzi le Xexeame Kata.” Esia anye dukɔwo dome “Mawu ƒe Nufiafia” Takpekpe tɔxɛ siwo wowɔ le ƒe 1993 kple ƒe 1994 ƒe subɔsubɔƒeawo me fotoɖeɖefia. Nutome sue dzikpɔlawo aƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ðo Ŋu Ðe Akɔfafawo Katã ƒe Mawu la Ŋu” le nuto siwo me womaɖe fotoawo le o vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la. Ne nutome sue dzikpɔlawo ɖe fotoawo na hamewo katã megbe la, woayi edzi ana nuƒo si nye “Ðo Ŋu Ðe Akɔfafawo Katã ƒe Mawu la Ŋu” vaseɖe esime woawɔ ɖoɖo ɖe nutome sue dzikpɔlawo ƒe nuƒo yeye ŋu hena ƒe 1996 ƒe gɔmedzedze.

◼ Ele be woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo katã kple “Identity Cards” wo viwo hafi Kwasiɖa si dze egɔme January 9 ƒe Subɔsubɔkpekpea wɔɣi naɖo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe