INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/95 axa 7
  • Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 2

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 2
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ameŋububu Kple Eƒe Dɔmenyonyo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Esiae Nye Míaƒe Tadeaguƒe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 1
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 2/95 axa 7

Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 2

1 Míedi be míadze agbagba alesi míate ŋui be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple amesiwo le míaƒe nutoa me dome. Esia bia be míade bubu woƒe gomenɔamesiwo kple seselelãmewo ŋu.

2 Wonya Yehowa Ðasefowo be woɖea nɔnɔme nyuiwo fiana. Ame geɖe kafua míaƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo le nutoa me, le suku, kple le dɔwɔƒewo, kpakple le míaƒe takpekpewo me.—Kpɔ June 15, 1989 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20.

3 Le nyateƒe me la, anukwareɖiɖi, veviedodo, kple agbenyuinɔnɔ nye nɔnɔme nyui ƒe akpa aɖewo. Bubudede amesiwo le nuto si me míaƒe Fiaɖuƒe Akpata le ŋu hã le eme. Woaŋe aɖaba aƒu mawumenɔnɔme siwo míeɖena fiana le go bubuwo me dzi ne míebua míaƒe aƒelikawo ŋu o. Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míazɔ abe alesi dze na nyanyui la ene.’—Fil. 1:27.

4 Ele be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dea hame ƒe kpekpewo natsri ƒu ƒoƒo ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋu mɔwo dzi. Minɔ ŋudzɔ ɖe dzeɖoɖo kple gbe sesĩe si woate ŋu asee le aƒe siwo te ɖe mia ŋu me la ŋu. Mele be woaɖe mɔ na ɖeviwo woanɔ du ƒum le Fiaɖuƒe Akpataa me anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm o. Ʋu ƒe ʋɔtruwo tutu kple kpẽwo kuku sesĩe ameŋumabumabui ate ŋu aɖe toli nutoa me tɔwo. Nuwɔna sia tɔgbe meƒoa nu nyuie le hamea ŋu o. Azɔ hã ele vevie be míawɔ ɖe ʋumɔdzisewo katã dzi ne míele ʋu kum le nutoa me.—Rom. 13:1, 2, 5.

5 Mele be míatɔ ʋu ɖe ame aɖe ƒe anyigba dzi mɔmabiamabiae alo ɖe teƒe siwo ado kplamatse ʋu bubuwo alo axe amewo ƒe aƒememɔ o. Le afisi hame etɔ̃ alo ene zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, wowɔa nusɔsrɔ̃ gbesiagbe kloe, eye esia bia be hamemegãwo ƒe hawo nawɔ nu aduadu.—Kpɔ October 1, 1988 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 17, memamã 13 lia.

6 Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu,’ eye ameŋububu ɖeɖefia egodotɔwo hã le eme. (Kor. I, 10:31-33) Ne ‘míekpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ dzi’ la, míava do ɖe wo dzi nuŋumabumabutɔe agblẽ nu me na wo o. (Fil. 2:4) Míatsri nudede mía gbɔ nudzralawo ƒe asitsanyawo me hã.

7 Ame bubuwo ŋu bubu ɖeɖefia—le hamea me kple egodo siaa—ɖea alesi míesena le míaƒe dzi me fiana le gota. Ele be míaƒe nuwɔna kple nya si míegblɔna naɖee afia be ‘míelɔ̃ mía haviwo abe mía ɖokuiwo ene.’—Mat. 7:12; 22:39.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe