Ameka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye?
1 Akɔntabuɣi aɖe gogo na ameƒomea katã. Biblia yɔe be “[Yehowa] ƒe ŋkeke.” Enye ɣeyiɣi si Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo; enye ame dzɔdzɔewo hã ƒe ɖeɖekpɔɣi. Woabia akɔnta tso amesiwo katã anɔ agbe ɣemaɣi la si le alesi wonɔ agbee ŋu. Ema nɔ susu me na Petro wòbia ɖokuimedzronya sia be: “Ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye?” Ete gbe ɖe ‘anyinɔnɔ kɔkɔe, mawusosroɖa, kple Yehowa ƒe ŋkekea didi’ ƒe vevienyenye kpakple alesi wòhiã be míanɔ anyi ‘ɖimaƒomaƒoe, mokaka manɔŋui, kple le ŋutifafa me’ dzi.—Pet. II, 3:11-14.
2 Anyinɔnɔ Kɔkɔe Kple Mawusosroɖa ƒe Nuwɔnawo: Anyinɔnɔ kɔkɔe bia be míawɔ dɔ nyui siwo ɖea bubudede Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu fiana. (Tito 2:7, 8) Ele be Kristotɔ natsri xexeame ƒe agbenɔnɔ si tsoa ɖokuitɔdidi kple ŋutilã ƒe nudzodzrowo me.—Rom. 13:11, 14.
3 Woɖe “mawusosroɖa” gɔme be enye “ɖokui tsɔtsɔ ku ɖe Mawu ŋu, si tso dzi si ʋã ame le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu ta me.” Veviedodo le subɔsubɔdɔa me nye mɔ ɖedzesi aɖe si dzi míetona ɖea mawusosroɖa fiana. Nusi ʋãa mí míeɖea gbeƒã la yi ŋgɔ wu agbanɔamedzi si wònye dzro ko; lɔlɔ̃ deto na Yehowa mee wòtsona. (Mar. 12:29, 30) Esi wònye lɔlɔ̃ siae ʋãa mí ta la, míebua míaƒe subɔsubɔdɔa be enye mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖe míaƒe mawusosroɖa afia. Esi wòle be míatsɔ mía ɖokui ana ɣesiaɣi ta la, ele be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣesiaɣi. Ele be wòanye míaƒe kwasiɖaa me ɖoɖowɔɖi ƒe akpa vevi aɖe.—Heb. 13:15.
4 Yehowa ƒe ŋkekea ‘didi vevie’ fia be míana wòaxɔ míaƒe tamesusuwo me gbesiagbe, eye míagaŋe aɖaba aƒu edzi adae ɖe nɔƒe si mele vevie o. Efia be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Mat. 6:33.
5 Ðimaƒomaƒoe, Mokaka Manɔŋui, Kple le Ŋutifafa Me: Abe ameha gã la me tɔwo ene la, ‘míenyã míaƒe awuwo eye míewɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.’ (Nyaɖ. 7:14) Eyata anyinɔnɔ “ɖimaƒomaƒoe” fia be ele be míanɔ ŋudzɔ vevie ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ si míetsɔ ɖe adzɔgbee la ŋu be xexeame ƒe nuƒoɖiwo nagaka eŋu o. Míenɔa agbe “mokaka manɔŋui” to alesi míegbena be míana mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe ŋutilãmenudidiwo nagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe amenyenye o me. (Yak. 1:27; Yoh. I, 2:15-17) Míeɖenɛ fiana be míele “ŋutifafa me” to “Mawu ƒe ŋutifafa” ɖeɖefia le nusianu si míewɔna kple ame bubuwo me.—Fil. 4:7; Rom. 12:18; 14:19.
6 Ne míete ŋu nɔ ŋudzɔ ɖe xexeame ƒe nu siwo agblẽ nu le mía ŋu ŋuti la, madzɔ gbeɖe be míaƒe anyinɔnɔ ‘naɖi nuɖoanyi sia’ si Yehowa bu fɔe la tɔ o. Ke boŋ míaƒe dɔnyuiwɔwɔwo akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ vovototo “si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.”—Rom. 12:2; Mal. 3:18.
7 Mí katã míede nutome sue takpekpe siwo wowɔ si ƒe tanyae nye “Minɔ Ŋudzɔ, Minɔ Te Sesĩe, Miasẽ Ŋu,” eye ɖikeke mele eme o be gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖo la gade dzo míaƒe didi be míaɖe míaƒe mawusosroɖa afia me. Didi sia le ame yeye geɖe me. Míate ŋu anye yayra na wo ne míekpe ɖe wo ŋu be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le August me.
8 Ne míaƒe dzitsinya ʋã mí míeyi edzi wɔ “dɔ nyuiwo” la, akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, ado ŋusẽ hamea, ahaɖe vi na ame bubuwo. (Pet. I, 2:12) Mina míanye ame ma ƒomeviwo ɣesiaɣi.