Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le September me: Míana Agbe Tegbee ƒe agbalẽa eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. October: Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. Dze agbagba vevie be nama magazine wo. November: Mina New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? December: “Let Your Kingdom Come.” MIDE DZESII: Hame siwo medɔ agbalẽ siwo míeyɔ haɖe o la nadɔe le woƒe ɣleti sia ɣleti ƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa dzi.
◼ Zimenɔla alo ame aɖe si wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi, alo emegbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔe vɔ.
◼ Míele biabiam tso hame siwo katã le Nutome 20 lia me si be woayi Kumasi “A” nutome gã takpekpe si woawɔ le December 22-24 lia dzi ɖe Obuasi takpekpea teƒe. Taflatse mide dzesi tɔtrɔ sia.
◼ Míadi be míaɖo ŋku edzi na mi be ne miele Nudɔdɔ si Le Vɔvɔm gbugbɔ wɔm la, anyo be miazã nudɔdɔ si le vɔvɔm gbugbɔgawɔ ƒe agbalẽvi si woɖona ɖe hamea. Ne meli o la, ke miazã nudɔdɔ si le vɔvɔm ƒe agbalẽvi si wodea magazinea me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ tso nudɔdɔ siwo le vɔvɔm si wòle be woagbugbɔ awɔ la ŋu kaba. Taflatse midze agbagba miagbugbɔ nudɔdɔa awɔ nɛ kaba bene tata aɖeke nagato nudɔla ŋuti o.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woazɔ ɖe mɔfiame siwo le April 15, 1991 Gbetakpɔxɔ (Vol. 112, No. 8) ƒe axa 21-3 si ku ɖe amesi woɖe le ha me alo amesi ɖe eɖokui le hamea me si adi be woagbugbɔ axɔ ye ŋuti la dzi.
◼ Míele Watchtower Publications and Cost List yeyewo wɔm, eye woaɖo ene ɖe hame ɖesiaɖe. Mitsɔ wo na agbalẽŋlɔla, nɔvi siwo kpɔa agbalẽwo, magazinewo, kple gakɔnta dzi.
◼ Ŋkuɖodzinya: Taflatse miɖo ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela veviwo ƒe mɔbiagbalẽwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na ŋkeke si dzi amea adze dɔa gɔme. Esia akpe ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu be wòawɔ dɔ tso eŋu eye wòana nɔvi siwo le anyigbamamã me nanya do ŋgɔ.—Mikpɔ May 1992, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 1.