INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/95 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 12/95 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le December me: “Let Your Kingdom Come.” January: Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. February: Míate ŋu ana Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã gbeadziyigbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la natsɔ woƒe “Literature Order Form” (S-14) si wozãna ɣleti sia ɣleti si woagaɖo ɖa la adɔ woe.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na hame siwo medɔ 1996 Calendar of Jehovah’s Witnesses, 1996 Yearbook, Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe 1996 kpakple 1995 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo o be woadɔ wo. Nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le ye agbalẽ siawo nye eye ne ame aɖe di wo ko hafi woadɔ wo.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo le emegbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne mieto eme.

◼ Mikpɔ egbɔ be miaŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpui yeyea ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me kaba le January 1 dzi. Ƒea ƒe mawunyakpukpui lae nye: “Mizu Nyadziwɔlawo.”—Yakobo 1:22.

◼ Ele be míawɔ “Medical Directive Card” kple “Identity Card” yeyewo le January 1 dzi. Gbeƒãɖela nyɔnyrɔ̃xɔlawo katã nakpɔ egbɔ awɔ “Medical Directive Card” yeye na wo ɖokui, kple “Identity Card” yeye na wo vi suewo.

◼ Taflatse hame siwo wu dɔwɔwɔ le woƒe anyigbamamã si le nuvo me nu la naɖo woƒe nyatakakawo ɖa enumake.

◼ Esusɔ vie ko woawu dɔwɔwɔ le CD-ROM ƒe diskɛt yeye si nye Watchtower Library—1995 Edition ŋu nu. Ezãɖoɖo si ŋu wogbugbɔ asi trɔ le anɔ edzi eye woatsɔ agbalẽ siwo woɖe ɖe go le ƒe 1995, 1994, kple 1979-1970 me hã akpee. Anɔ Germania, Italia, kple Spania gbewo hã me. Habɔbɔa aŋlɔ lɛta na hamewo katã atsɔ aɖe nya bubu siwo ku ɖe eŋu la me.

◼ Agbalẽ Siwo Gali:

Reasoning From the Scriptures—Eŋlisigbe

Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Twi

◼ Kasɛt si Gali:

Preserving Life in Times of Famine

◼ Videokasɛt Yeye si Gava:

To the Ends of the Earth

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“GOOD NEWS FOR ALL NATIONS”

Agbalẽvi sia le asiwòa? Woŋlɔ nya si míaɖe gbeƒãe ɖe gbegbɔgblɔ 64 siwo wose wu dometɔ ɖesiaɖe me ɖe eme eye wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe ŋuwò le gbeƒãɖeɖe nyanyuia na amesiwo katã nèdoa goe le wò anyigbamamã me la me. Míele dzi dem ƒo na gbeƒãɖela ɖesiaɖe be ɖe nanɔ esi si wòanɔ zazãm. Esɔ kple Reasoning-gbalẽa le ‘amesiwo si nɔnɔme si sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ le’ la didi me.—Dɔw. 13:48.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe