Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le January kple February me: Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔxɔxɔ. MIDE DZESII: Hame siwo medɔ gbeadziyigbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame haɖe o la nadɔ wo le woƒe ɣleti sia ɣleti “Literature Order Form” (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ nyuie be woaɖu Ŋkuɖodzia le ƒe sia me le Braɖagbe, April 2 lia ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be enyo be hame ɖesiaɖe ɖeɖe naɖu eya ŋutɔ ƒe Ŋkuɖodzi hã la, esia medzea edzi ɣesiaɣi o. Le afisiwo hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esiwo wu nenema la adi teƒe bubu fiẽ ma. Mele be zã nado akpa hafi woadze Ŋkuɖodzia gɔme si awɔe be masɔ na ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woava o. Hekpe ɖe eŋu la, mele be ɖoɖowɔɖia me nanɔ kpaɖi akpa si awɔe be ɣeyiɣi manɔ anyi do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɖu kple le eɖuɖu vɔ megbe hena gbedodo na amedzrowo, ɖoɖowɔwɔ be woayi edzi anɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nam wo dometɔ aɖewo, alo le dzidede ƒo na ame nɔewo me o. Ne hamemegãwo bu nuwo katã ŋu nyuie vɔ la, ele be woatso nya me le ɖoɖo si woawɔ wòakpe ɖe Ŋkuɖodzia valawo ŋu wu ŋu be woakpɔ viɖe bliboe tso azã la me.
◼ Woaƒo ƒe 1996 ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛ si woaƒo le Ŋkuɖodzia wɔɣi la le Kwasiɖagbe, April 21 lia dzi. Nuƒoa ƒe tanyae anye “Anyinɔnɔ Mokakamanɔŋui le Dzidzime Gɔglɔ̃ Titina.” Míaɖo nuƒogbalẽvia ɖa. Le hame siwo me nutome sue dzikpɔla anɔ alo woayi nutome sue takpekpe le kwasiɖanuwuwu ma la, woaƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Hame aɖeke nagaƒo nuƒoa do ŋgɔ na April 21 lia o.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo ƒe tanya anye “Hame Wɔnuteƒe si le Kristo ƒe Kpɔkplɔ Te.”
◼ Agbalẽ si woazã le hame ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ me tso April 29, 1996 dzie nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hame siwo le anyigbamama si le nuvo ƒe dɔa wɔm la ƒe Subɔsubɔkɔmitiwo be woaɖo “Unassigned Territory Appointment Letter” (S-91) si wokpe ɖo la ɖe Habɔbɔa kaba ne wowu gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia nu.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gava:
Eŋlisigbe: Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Hadzigbalẽ Suetɔ), Kingdom Interlinear Bible, New World Translation Bible (Deluxe), Reading Aid, Ame Vevitɔ Kekeake si Nɔ Anyi Kpɔ, Your Youth—Getting the Best Out of It. Eʋegbe: Ame Vevitɔ Kekeake si Nɔ Anyi Kpɔ kple Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu. Twigbe: Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo.