INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/96 axa 7
  • Ƒo Nu Kple Dzideƒo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒo Nu Kple Dzideƒo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 1/96 axa 7

Ƒo Nu Kple Dzideƒo

1 Le nyitsɔ laa ƒewo me la, gbeƒãɖela siwo le teƒe aɖewo kpɔe be ele sesẽm ŋutɔ be yewoaƒo nu na amewo le woƒe aƒeme. Ame geɖe ka nya ta be yewo ƒe anyigbamamã me tɔ siwo wu 50 le alafa me menɔa aƒeme nenye be yewo le tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm o. Le esia ta ɣeyiɣi siwo wozã la ƒe akpa geɖe meɖea vi o.

2 Le ƒe aɖewo siwo va yi me la, míedoa go ame geɖe le woƒe aƒeme le Kwasiɖagbe, si wobuna dzudzɔŋkekee. Nɔnɔmewo trɔ. Ebɔ egbea be amewo wɔa dɔ, wokpɔa woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo abe asiƒeƒle ene gbɔ, alo woyia modzakaɖeƒe, si hã wɔnɛ be womenɔa aƒeme o. Eyata le Kwasiɖagbewo gɔ̃ hã la, eva sesẽ be woado go amewo tso aƒeme yi aƒeme.

3 Ne amewo mele aƒeme o la, ke edze ƒã be wole teƒe bubu aɖe. Esi wònye míaƒe taɖodzinu be míaƒo nu na amewo ta la, nukata màƒo nu na amesiwo míedoa goe—le mɔdodowo dzi, le asime, alo le dɔwɔƒe. Enye nusi Paulo wɔna zi geɖe be wòate ɖe ‘amesiwo wòdoa goe’ ŋu aɖi ɖase na wo. (Dɔw. 17:17) Esia nye ɖaseɖiɖimɔnu si ɖe vi ɣemaɣi, eye enye ɖaseɖiɖimɔnu si le vi ɖem le míaƒe ŋkekea me hã.

4 Ne míele aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, míekpɔnɛ zi geɖe be amewo nɔa yiyim nɔa gbɔgbɔm alo ɖewohĩ wotɔ le ame aɖe lalam. Ne yame kɔ nyuie la, amewo nɔa atiwo te alo nɔa dɔ wɔm le woƒe ʋu ŋu alo nɔa eklɔm. Nukomo ɖoɖo kple gbedodoname xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu anye nusi ko míehiã be míadze dzeɖoɖo gɔme. Ne nutoa mee wole la, míate ŋu agblɔ gɔ̃ hã be anɔ eme be míede woƒe aƒeme fifi laa gake míedo go wo o eyata edzɔ dzi na mí be míekpɔ mɔnu sia aɖo dze kpli wo. Nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su ame geɖe si esi wodze agbagba ɖe dzideƒo geɖe wu fia.

5 Dzideƒo Ðea Vi: Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be yetena ɖe amesiwo tsi tre ɖi, le bɔs lalam, zɔ blewu va yina, alo nɔ anyi ɖe woƒe ʋu me. Eɖoa nukomo heƒoa nu kple gbeɖɔɖɔe, eye wòwɔna abe xɔlɔ̃ nyanyɛ aɖe si di be yeado gbe nɛ ko ene. Menye ɖeko wòto mɔ sia dzi na agbalẽ geɖe ko o ke edze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe hã gɔme.

6 Nɔviŋutsu bubu aɖe kple srɔ̃a nɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm esime wodo go nyɔnu aɖe si ƒle nuɖuɖu geɖe le asime va yina. Wodze dzeɖoɖo gɔme, hekafui be ezã ŋutɔ le eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Wobia be: “Gake amekae ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ?” Esia nyɔ nyɔnua ƒe ɖetsɔleme. Dzeɖoɖo kpui aɖe wɔe be ekpe wo va eƒe aƒeme eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.

7 Eyata azɔ̃ ne ègale gbeƒã ɖem tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, eɖanye le Kwasiɖagbe alo le kwasiɖa la ƒe ŋkeke bubu aɖe dzi o, eye nèkpɔe be amewo mele aƒeme o la, nukatae maɖe dzideƒo geɖe wu fia aƒo nu na amesiwo nèdoa goe—le mɔdodowo dzi alo le teƒe bubu ɖesiaɖe o? (Tes. I, 2:2) Kutsetse nyui geɖe ado tso wò gbeƒãɖeɖedɔa me, eye àkpɔ dzidzɔ geɖe le wò subɔsubɔdɔa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe