Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siaa ƒe nudɔdɔxɔxɔ. MIDE DZESII: Hame siwo medɔ gbeadziyigbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame haɖe o la nadɔ wo le woƒe ɣleti sia ɣleti “Literature Order Form” (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.
◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nato gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne wo dometɔ aɖewo mete ŋu le woƒe gaƒoƒo nudidia gbɔ ɖom o la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Midzro nya siwo le September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-20 me.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Braɖagbe, April 2, 1996 dzi. Togbɔ be nuƒoa ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ hã la, taflatse miɖo ŋku edzi be mele be woatsɔ Ŋkuɖodziboloa kple wein la atsae o vaseɖe ɣeɖoto megbe hafi. Míagawɔ kpekpe aɖeke le ŋkeke ma dzi tsɔ wu esiwo míawɔ hena gbeadzi yiyi ko o. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpewo le Braɖagbewo la, miate ŋu adae ɖe ŋkeke bubu dzi le kwasiɖa la me.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, kple May me la nawɔ woƒe ɖoɖoa fifia eye woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽvia ana kaba do ŋgɔ. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋuti ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi.
◼ Betel anɔ tutu le Kuɖagbe, March 6, 1996 dzi. Míawɔ dɔ gbemagbe o eyata migava alo awɔ ɖoɖo ɖe tsaɖiɖi le afima ŋu o.
◼ Míele dzi dem ƒo na hamewo be woadze Ŋkuɖodzi wein la didi gɔme.—Mikpɔ February 1, 1985 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 27 bena miate ŋu anya esi nyo woazã na Ŋkuɖodzia.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo ƒe tanya enye “Hame Wɔnuteƒe si Le Kristo ƒe Kpɔkplɔ Te.”
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Eŋlisigbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede; “Kingdom Melodies Album” (go ƒuƒlu si me kasɛt 8 nɔna). Eʋegbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede. Gɛgbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede. Twi: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede.
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Arabgbe: How to Find the Road to Paradise (trakt). Eŋlisigbe: Toɖoɖo Nufiala Gã La; Gbetakpɔxɔ Bablawo—1960 vaseɖe 1980 tɔwo; “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”; Learn to Read and Write. Eʋegbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
◼ Le akɔntabubuwo ɖoɖoɖa ƒe kuxi si gakpɔtɔ li ta la, míegale ŋku ɖom edzi na hamewo ake be woaɖo woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubuwo ɖa le dzinu ɖesiaɖe ƒe ŋkeke adelia dzi ale be ne etsi megbe ƒã la, wòaɖo alɔdzedɔwɔƒea le dzinua ƒe ŋkeke 13 lia dzi. Míedi be míado taflatse na mi gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo katã be miakpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu ana miaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akɔntabubuwo enumake le dzinua ƒe nuwuwu.