INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/96 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 3/96 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le March me: Míana agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, eye míadze agbagba etɔxɛ be míatrɔ ayi amesiwo katã xɔe gbɔ kple taɖodzinu be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. April kple May: Míana amewo nawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo. June: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.

◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntabubu me le March 1 dzi alo emegbe kpuie alesi wòanya wɔ. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.

◼ Abe alesi míeɖe gbeƒãe le January 1996 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene la, woaƒo ƒe sia me Ŋkuɖodzia wɔɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le hame geɖe me le Kwasiɖagbe, April 21 dzi. Nuƒoa ƒe tanya enye “Anyinɔnɔ Mokakamanɔŋui le Dzidzime Gɔglɔ̃ Titina.” Midze agbagba etɔxɛ be miakpe amesiwo va Ŋkuɖodzia le April 2 dzi.

◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ egbɔ be yekpe “Memorial Report” ƒe agbalẽvia ɖo heɖoe ɖa le Kuɖagbe, April 3 lia dzi.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na mi katã be miaxlẽ Ŋkuɖodzia ƒe Biblia xexlẽ abe alesi wòdze le Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia me ene.

◼ Míetsɔ taflatsedodo le ŋku ɖom edzi na nɔviwo be woagaƒo ka aɖo ɖe Betel tso ŋdi ga 7:00 vaseɖe ga 7:30 domee aɖo dze kple amewo dzro ko o. Ɣeyiɣi siae Betel-ƒomea wɔa gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro.

◼ Agbalẽ Siwo Gava: Eŋlisigbe: Insight on the Scriptures; Gbetakpɔxɔ ƒe Bablawo—1951, 1952. Twi: Agbe Tegbee (suetɔ); Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me; Nyaɖeɖefia Taƒoƒo; Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe