Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Ehiã be miakpɔ nya siwo gbɔna gbɔ hafi Ŋkuɖodzia ɖuɖu le Braɖa, April 2, naɖo:
◼ Ele be miana amesiame, kple nuƒola hã, nanya game si tututu wɔna la adze egɔme kple teƒe si miawɔe le.
◼ Ele be miawɔ ɖoɖo ɖe abolo kple wein si tututu míezãna la kpɔkpɔ ŋu eye woasɔ gbe.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 1, 1985, axa 27.
◼ Ele be miatsɔ kplɔ̃, kplɔ̃dzivɔ, agba gbadzɛwo, kple kplu siwo sɔ ava akpata la me do ŋgɔ eye miaɖo nusianu nyuie.
◼ Ele be miadzra Fiaɖuƒe Akpata la me alo teƒe bubu si miakpe le la ɖo nyuie do ŋgɔ.
◼ Ele be miatia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae eye miafia wo mɔ nyui si dzi woato awɔ woƒe dɔwoe.
◼ Ele be miawɔ ɖoɖo atsɔ nuawo ayi na amesiaminawo dometɔ siwo si lãmesẽ mele o si ta womate ŋu anɔ wɔna la teƒe o.
◼ Ne wowɔ ɖoɖo be hame si wu ɖeka naza Fiaɖuƒe Akpata ma ke na azãa ɖuɖu la, ele be kadodo nyui nanɔ wo dome ale be amewo nagaxaxa akpa le xɔxɔnua, ʋɔtrua nu, mɔa dzi, alo le ʋutɔɖoƒea madzemadzee o.