Trɔ Yi Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia Gbɔ
1 Esi wonɔ agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖem ɖe go la, takpekpea me nuƒola la gblɔ be “ele be dzianukwaretɔwo nate ŋu anya nu geɖe to esɔsrɔ̃ me ale be woava Yehowa ƒe akpa dzi ahaxɔ nyɔnyrɔ̃.” Wotrɔ asi le agbalẽa ŋu be wòafia nyateƒea amewo kaba. Ena nyatakaka vevi aɖewo kpuie si ate ŋu aʋã nusrɔ̃viwo be woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Egblɔ nyateƒea le mɔ si sɔ nu eye meƒo nu tso alakpanufiafia siwo li ŋu fũ o. Be míakpɔ dzidzedze le dɔwɔnu yeye sia zazã me la, ele be míatrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ.
2 Ne èƒo nu na amesi ƒe Mawudzixɔxɔse gbɔdzɔ gake wòɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu adze egɔme aʋu nɔnɔmetata si le agbalẽa ƒe axa 4 kple 5 ahagblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míekpɔ nɔnɔmetata dzeani sia kple alesi teƒea nya kpɔe. Nuŋɔŋlɔ si le ete bia be, ‘Nukae nàwɔ be nàse vivi le wo me?’ Aleke nàɖo eŋui? [Na wòaƒo nu.] Biblia gblɔ nu vevi siwo hiã la dometɔ ɖeka eme kɔ ƒã. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Sidzedze hiã vevie na míaƒe Mawudzixɔse. Mɔ nyuitɔ si dzi míate ŋu ato asrɔ̃ nusi wòle be míanya enye be míasrɔ̃ Biblia la edziedzi.” Ʋu ta 1 eye nàɖe nufiame dedziƒoname siwo le memamã 1 vaseɖe 5 me nɛ. Ðe alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ me nɛ eye nàgblɔ be yeagatrɔ ava be yewoayi numedzodzroa dzi.
3 Ne ètrɔ yi be miayi numedzodzro tso nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu dzi la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nyitsɔ ma si meva la, míeƒo nu tso [nusi ke nudzɔdzɔa nye] ŋu. Biabia si fɔ ɖe te la ku ɖe nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe le xexeame alea gbegbe ŋu. Nukae nye ŋuɖoɖo si nèkpɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Edea dzi ƒo na mí be míanya be menye Mawu gbɔe nɔnɔme sesẽ siawo tso o.” Ʋu agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe axa 71-2, eye miadzro Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le memamã 3 vaseɖe 5 me. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yeaɖe nusita míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu nu ayi kpuie la me nɛ.
4 Ne ètrɔ yi dzila si tsɔ ɖe le ƒomekuxiwo me gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Menya be esi nènye dzila ta la, àdi nu nyuitɔwo na viwòwo. Esi manya wɔ be nàkpɔ wo ta tso nusianu si nye nu gbegblẽ me o ta la, ele be nàfia wo alesi woakpe akɔ kple agbemekuxiwoe. Mɔ ka dzie nèbu be woato awɔ esiae? [Na wòaɖo eŋu.] Nu vevitɔ siwo dzila ate ŋu ana dometɔ ɖekae nye hehe.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 145-6 eye nàhe eƒe susu ayi nuxlɔ̃ame nyui si Biblia na dzi, eye nàte gbe ɖe eƒe vevienyenye kple alesi edziwɔwɔ ahe yayra vɛ dzi. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yeafiae alesi wòazã agbalẽ sia atsɔ asrɔ̃ nu geɖe tso alesi wòakpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ mee ŋu.
5 Ne ètrɔ yi afisi nèzã dzeɖonya kpui aɖe le la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Menye Mawu ƒe tameɖoɖo wònye gbeɖe be míatsi aku amegã ahaku o. Eɖoe be míanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 188-9 fiae. Xlẽ memamã 11 si le axa 184. Wɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi bubu wɔwɔ ŋu.
6 Enye nyateƒe be agbalẽ yeye sia nye nunana bubu si tso Yehowa gbɔ na ‘tsɔtsɔedodo’ amewo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔa le ŋkeke mamle siawo me. (Yes. 60:22) Ne míewɔ eŋudɔ nyuie la, míate ŋu ana sidzedze si akpe ɖe ame ŋu be wòakpɔ agbe mavɔ la nasu esi.