‘Mawu Lɔ̃a Amesi Naa Nu Kple Dzidzɔ’
1 Yehowae nye Nunala gãtɔ kekeake. Ewɔ “dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” (Nyaɖ. 14:7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le.”—Dɔw. 17:25, 28.
2 Esi gɔmeɖose si le Dɔwɔwɔwo 20:35 gblɔ be “nana enye yayra wu xɔxɔ” ta la, ɖe wòwɔ nuku be Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ” la? (Tim. I, 1:11, NW) Wode se na mí be “[míazu] mawusrɔ̃lawo.” (Ef. 5:1) Eyata mína míatu nunana ƒe gbɔgbɔ ɖo, abe alesi Yesu ɖo aɖaŋu na mí ene.—Luka 6:38.
3 Nunana ƒe Gbɔgbɔ Tutu Ðo: Míate ŋu ana nu le ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. Yesu Kristo ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi. Esime dɔ nɔ amehawo wum la, ena nuɖuɖu wo, si nye nu nana wo le ŋutilã me. (Luka 9:13-17) Yesu kpe amesiwo katã “le agbagba dzem, eye agba le [wo] wum” la be woava xɔ dzudzɔ le ye gbɔ. (Mat. 11:28) Ẽ, ekpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Yesu nye nunala gã aɖe le gbɔgbɔ me hã, elabena esime wòkpɔ be ameha la ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene” la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu eye “wòde asi nu geɖe fiafia me wo.”—Mat. 9:36; Mar. 6:34.
4 Le Yehowa Mawu kple Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me la, míawo hã míedi be míatsɔ míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo ana ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ta. Le kpɔɖeŋu me, dzilawo di be yewoakpɔ vovo ɖe yewo viwo ŋu dɔmenyotɔe; ele be ɖeviwo nade bubu si sɔ wo dzilawo ŋu. Ède dzesii be nɔvi aɖe hiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu le miaƒe hamea mea? Àte ŋu ana kpekpeɖeŋu le mɔ aɖe nua? Ðewohĩ mekpɔ dɔ awɔ o, alo fifi nuɖoanyia me kuxi aɖee le fu ɖem nɛ. Àte ŋu ate ɖe eŋu aɖo aɖaŋu nyui si tso Ŋɔŋlɔawo me nɛa? Esia ate ŋu ana amea nakpɔ gbɔdzɔe le seselelãme gome eye wòatui ɖo le gbɔgbɔ me.
5 Le gbɔgbɔ me gome la, míate ŋu atu mía nɔewo ɖo be míasẽ ŋu le xɔse la me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ame tsitsi, lãmegbegblẽtɔ, alo gbeƒãɖela agbalẽmanyala aɖe li si hiã kpekpeɖeŋu be gbesiagbemawunya la naɖe vi nɛ eye be wòadzra ɖo ɖe kpekpewo ŋua? Àte ŋu ana kpekpeɖeŋu le mɔ sia nua? Azɔ hã míate ŋu agblɔ nyanyuia na ameƒomea ƒe xexeame. Nyateƒee, nunana le vovovo le mɔ geɖe nu.
6 Nudzɔdzɔ Hena Fiaɖuƒedɔ: Míaƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ na ɖe Fiaɖuƒedɔa ta nye mɔnukpɔkpɔ si Yehowa tsɔ na esubɔlawo. Eya ŋutɔ mehiã naneke tso mía si o. Yehowa gblɔ be: “Tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi. . . . Tɔnyee nye xexeame godoo kple eme nu gbogboawo.” (Ps. 50:10, 12) Nudzɔdzɔ atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔ nye míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe nusiwo katã Yehowa yi edzi le wɔwɔm na mí ŋu. Enye nyateƒe be mí katã míexɔa Yehowa ƒe yayra le mɔ vovovowo nu. Nenemae wònɔ le Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema hã gome.
7 Yehowa na mɔfiame sia le takpekpe siwo wowɔ ƒe sia ƒe le blema Israel ŋu be: “Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.” Eyata Israel-vi aɖeke mayi Yehowa ŋkume “asi gbɔlo” o. (Mose V, 16:16, 17) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Israel-dukɔa ŋu le esia me?
8 Fia Dawid si nɔ anyi le blema tsɔ eƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ƒe akpa ɖedzesi aɖe na ɖe gbedoxɔ tutu ŋu. Nukae ʋãe wòwɔ nenema? Eɖe eme be: “Esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) (Kron. I, 29:3) Ðe seselelãme si nɔ Dawid si ɖe Yehowa ƒe dɔ ŋu la le míawo hã sia?
9 Dawid lɔ̃ ɖe edzi hã be le nyateƒe me la, Yehowa medi naneke tso ye si o, elabena ebia be: “Elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.” (Kron. I, 29:14) Eyata mɔnukpɔkpɔe nunana faa ɖe Mawu ƒe subɔsubɔ ŋu nye. Èlɔ̃ ɖe Dawid ƒe nukpɔsusua dzia?
10 Israel-dukɔa hã dzɔ nu ɖe Israel ƒe gbedoxɔ gbãtɔ tutu ŋu. Nɔnɔme kae dze le woƒe nudzɔdzɔawo me? Kronika I, 29:9 ɖo eŋu be: “Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la ta, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
11 Nenema ke egbea la, míaƒe dzi siwo yɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ la ʋãa mí be míana nu faa atsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe. Nya la ku ɖe míaƒe dzi ŋu le aɖaŋu si woɖo le Korintotɔwo II, 9:7 ta, si gblɔ be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
12 Nudzɔdzɔ aɖe Le Sue Akpaa?: Wodaa nudzɔɖakawo ɖi le míaƒe Agbalẽmenusrɔ̃ƒewo, Fiaɖuƒe Akpatawo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me be amesiame si lɔ̃ la nadzɔ nu ɖe Fiaɖuƒedɔ ŋu. Ðewohĩ ame aɖewo buna be ga si yewodzɔna la le “sue akpa.” Ðe Yehowa bua nudzɔdzɔ aɖe be ele “sue akpaa”? Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba suetɔ si míadze gɔ̃ hã ŋu vevie. Esia dze le Yesu ƒe kakaɖedzinya siawo me be: “Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vavã mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) (Mat. 10:42) Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, ɖe nudzɔdzɔ aɖe le sue akpaa?
13 Ðo ŋku ahosi dahe la dzi. Togbɔ be ame bubuwo da ga siwo ƒe home lolo wu etɔ ɖe nudzɔɖaka la me hã la, eya tsɔ “lepta eve da ɖe eme.” Yesu kpɔe be, togbɔ be ame bubuwo dzɔ nu wònye “woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe” hã la, “eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.” (Luka 21:1-4) Ðe nyɔnua ƒe nudzɔdzɔ si “tso eƒe ahedada . . . me” la le sue akpaa? Ao, elabena eƒe nudzɔdzɔ na Yesu kafui.
14 Abe alesi míede dzesii va yi ene la, Dawid gblɔ le gbedoxɔa tutu ŋu be “nu tɔxɛ aɖe hã le asinye . . . Metsɔe na ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe aƒe kɔkɔe la ŋu eye eƒo wo ta.” (Kron. I, 29:3, NW) Ema nye nudzɔdzɔ si tso nukpɔkpɔ vivivo me. Ðe wòsɔ gbɔ akpa be woaxɔea? Kura o, ke wozã eƒe nudzɔdzɔ gbogbo la ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ tutu ŋu eye wotsɔ ɖe de gbedoxɔa ƒe nudzraɖoƒe. (Fia. I, 7:51) Eyata wokpɔa ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ ɖesiaɖe ŋu, elolo alo le sue o. Zi alesi wònye emae nèɖo le wò dzime, zi alesi wònye ‘nunana le dzidzɔ me’ la, edzea Yehowa ŋu.
15 Aleke Míele Nu Dzɔmee?: May 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ɖee fia be le ƒe 1994 subɔsubɔƒea me la, Ghana-lɔdzedɔwɔƒea zã ga sidi miliɔn 50 ɣleti sia ɣleti le mamã dedie nu ɖe Fiaɖuƒedɔwo ŋu le dukɔ sia me. Eɖee fia be “le ɣeyiɣi ma ke me la, nudzɔdzɔ siwo katã míexɔ tso hamewo kple gbeƒãɖela siwo katã le Ghana gbɔe nye ₵1,206,000 ɣleti sia ɣleti le mamã dedie nu.” Ema na fe si ade sidi miliɔn 48.8 tsi anyi. Wode dzi ƒo na mí be míakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe mɔnukpɔkpɔ be míana nu ɖe Yehowa ƒe dɔ ŋu la ŋuti. Nukae míewɔ? Edzɔ dzi na mí be míaka eta na mi be fifia le mamã dedie nu la, nɔvi siwo le Ghana dzɔa ga sidi miliɔn 3.6 ɣleti sia ɣleti hena Fiaɖuƒedɔa. Míekafu mi katã vividoɖeameŋutɔe ɖe miaƒe fɔléle ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu le mɔ sia nu ta. Ne míetsɔ fifi tɔ sɔ kple tsã tɔ la, fifia ga si Ghana-lɔdzedɔwɔƒea zãna ɖe Fiaɖuƒedɔ si le ta kekem ɖe edzi ŋu la ɖo sidi miliɔn 60 ɣleti sia ɣleti. Esia fia be Ghana-nɔviwo te ŋu dzɔ ₵60 le ₵1,000 ɖesiaɖe si wozã ɖe Fiaɖuƒedɔwo ŋu la me. Le nyateƒe me la, esia yi ŋgɔ wu ƒe si va yi tɔ si nye ₵24 si míedzɔ le ₵1,000 ɖesiaɖe si wozã me. Alesi mietso ɖe eŋu de dzi ƒo ŋutɔ.
16 Esia na míeɖo ŋku nya si wogblɔ le August 1879 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me, le tanya si nye “Èdi ‘Zion’s Watch Tower’ la?” te la dzi. Wona eme kɔ na nɔviwo be “migabu nya siawo be enye gabiabia o. Ao. Míexɔe se be YEHOWA le megbe na ‘Zion’s Watch Tower,’ eye esi wòle alea la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amewo be woakpe ɖe mía ŋu o. Ne Amesi gblɔ be: ‘Tɔnyee sika kple klosalo siwo katã le towo me nye’ la do kpo ga si hiã la nana mí la, míase egɔme be ɣeyiɣia de be míadzudzɔ etata.” “Zion’s Watch Tower” ƒe tata ɖesiaɖe 6,000 koe wotana hemãna le xexeame katã ɣemaɣi. Egbea wotaa Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖesiaɖe 19,000,000 kloe. Esia nye lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ si le Mawu ƒe amewo si be woadzɔ nu atsɔ ado alɔ teokrasidɔwo ƒe kpeɖodzi. Míekpɔe be ga hiã le Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ me. Míedzea agbagba wɔa míaƒe akpa dzi.
17 Nusi Ame Aɖewo Wɔ Tsɔ Na Kpekpeɖeŋui: Le dukɔ sia me, esime May 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia he míaƒe susu yi Ghana-lɔdzea ƒe ganyawo dzi la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa tso ɖe eŋu nyuie abe alesi míede dzesii va yi ene. Lɛta aɖe si Habɔbɔa xɔ tso nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe gbɔ ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Mele . . . ga si mekpɔ tso mango fɔfɔ me ƒe akpa aɖe ɖom ɖe mi ne miatsɔ akpɔ dɔwo gbɔe le alɔdzedɔwɔƒea. Matsɔ eƒe akpa aɖe hã ana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpata si tum wole le mía gbɔ si ɖo gbagba me la me. . . . Ŋutsuvi ƒe-9-vie menye. Yehowa Mawu neyra ɖe dɔ si wɔm miele la dzi eye neʋã amewo ƒe dzi be míabui nu vevii ale be míadzɔ nu atsɔ ado alɔ dɔa.” Eɖo ga ₵3,500 ɖa.
18 Sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wɔ ɖeka ɖo lɛta aɖe ɖe Habɔbɔa si xlẽ be: “Míekpɔ alesi wòhiã be woakeke Fiaɖuƒegbedasia ɖe enu wòaɖo kɔƒenutowo me la dze sii. Eyata mí sukuviwo míekpɔ ga sue si nye ₵3,000 be míatsɔ ado alɔ gbeƒãɖeɖedɔa.” Ame ɖekaɖeka bubuwo kple ƒomewo ɖo nudzɔdzɔwo ɖe Habɔbɔa tẽ alo to wo gbɔ hamea dzi. Míaƒe mɔɖela vevi aɖewo gblɔ na Habɔbɔa be wòaɖe ga home aɖe tso gazazã si woxena na wo me ɣleti sia ɣleti vaseɖe esime woagblɔ be netɔ te. Ame aɖewo gblɔ na woƒe gadzraɖoƒewo be woaɖe ga home aɖe tso yewoƒe ga si le gadzraɖoƒea me ade Habɔbɔa tɔ me. Ame aɖewo hã wɔ gaɖeɖe tso woƒe ga me si ayi edzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la ƒe ɖoɖo kple woƒe gadzraɖoƒewo. Àte ŋu akpɔ miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne èdi be yeanya gadede Habɔbɔa ƒe ga si le gadzraɖoƒe me ŋu nyawo le susu sia ta. Mɔ bubu siwo nu woato adzɔ nu na Habɔbɔa dze le December 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30 kple 31.
19 Xexeame Katã ƒe Dɔ si le Ta Kekem: Ƒe geɖe enye sia si alɔdzedɔwɔƒe bubuwo naa gakpekpeɖeŋu hena Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ le Ghana. Abe alesi mienyae ene la, anyigbamamã gã aɖe ʋu ɖi nyitsɔ laa le tsã Soviet Union kple Ɣedzeƒe Europa, teƒe siwo amewo mexɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi se o vaseɖe fifia. Nɔnɔmea trɔ bubui eye nyateƒea ƒe dɔ kple tsikɔ le ame miliɔn geɖe wum fifia le anyigbamamã siawo me. Esi woxe mɔ ɖe dɔa nu le nuto siawo ƒe akpa gãtɔ me ƒe geɖe enye sia ta la, Fiaɖuƒe Akpatawo meli kura o. Ke hã ame geɖe ŋutɔ le zi nyẽm va habɔbɔa me.
20 Le ƒe 1993 me, le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Kiev, Ukraine, me la, ame 7,402 ye xɔ nyɔnyrɔ̃—si nye nyɔnyrɔ̃xɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si wokpɔ kpɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe blema kple egbegbe ŋutinya siaa me! Wohiã na gakpekpeɖeŋu le anyigbamamã siawo me vevie, vevietɔ le esi ganya sesẽ le wo gbɔ ta. Eyata wole dzi dem ƒo na alɔdzedɔwɔƒewo be woadze agbagba aɖe gakpekpeɖeŋu si woxɔna tsoa xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã gbɔ la dzi akpɔtɔ, togbɔ be le nyateƒe me la, womagbe gakpekpeɖeŋu xɔxɔ tso afima keŋkeŋ ya o. Míeka ɖe edzi be lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe gbɔgbɔ nyui si li fifia la atsi ɖe edzi ale be míate ŋu akpɔ ga ado alɔ Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo le teƒe geɖe le afisia esi mahiã be míaxɔ gakpekpeɖeŋu tso míaƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la o. Fiaɖuƒe Akpatawo tutu va zu míaƒe alɔdzea ƒe taɖodzinu fifia. Gake nɔviwo ƒe kpekpeɖeŋu nana geɖe wu koe ana be míaƒe ɖoɖowo nadze edzi.
21 Mí Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ade 48,000 ye le dukɔ sia me. Míeka ɖe edzi be míate ŋu ana gakpekpeɖeŋu teokrasidɔ vovovowo nyuie ne míeyi edzi tu Mawu ƒe nunana ƒe gbɔgbɔ ɖo helé eme ɖe asi. “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.”—Gal. 6:9.
22 Takekedɔ nyadriwo le edzi yim le Brooklyn ŋutɔ kple le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York. Le dɔ siawo megbe la, ʋunyaʋunyawɔwɔwo dzɔ le anyigba ƒe akpa geɖe. Eva hiã be woaɖo kpekpeɖeŋunuwo ɖe Rwanda kple Bosnia, kpakple teƒe bubuwo. Le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me la, dzɔdzɔmefɔkuwo hã gblẽ nu le mía nɔviwo ŋu vevie le dukɔ vovovowo me, si na wòva hiã be woaɖo kpekpeɖeŋunuwo ɖe wo. Dɔwɔwɔ tso nusiawo katã ŋu na Dziɖuha la zã ga geɖe ŋutɔ. Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum wu la, ava hiã be habɔbɔa nana gakpekpeɖeŋu geɖe wu mía nɔvi siwo hiã tu. (Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 3:17, 18.) Zi geɖe alesi míaƒe alɔdzea te ŋu kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe wu na xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la be wòakpɔ agbanɔamedzi siwo le ta kekem ɖe edzi le xexeame katã la gbɔ.
23 Nusi Nàte Ŋu Awɔ: Ne dzinukukudɔe nèwɔna la, nukata mana nudzɔdzɔ hena Fiaɖuƒedɔwo nanye wò ɣleti sia ɣleti ƒe gaŋutiɖoɖo ƒe akpa aɖe o? Ne ɖokuisidɔe nèwɔna la, nukata màɖo ŋku nudzɔɖaka la dzi ɣesiaɣi si nèwɔ dɔ woxe fe na wò kple le ɣebubuɣiwo o? Abe alesi míekpɔe xoxo ene la, sukuviwo hã ate ŋu adzɔ nu. Mina mí katã míakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku be míadzɔ ga hena Fiaɖuƒedɔa le míaƒe anyigbamamã me ŋu.—Lod. 11:25.
24 Ne míetsɔ míaƒe nunɔamesiwo katã subɔ Yehowa fifia esi míedze ŋgɔ Harmagedon la, míate ŋu atsɔ dzidzeme atrɔ akpɔ megbe ɣesiaɣi le nuɖoanyi yeyea me le esi míezã míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo tsɔ he ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa esime wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ nenema ta. Dzidzɔ si nɔa nunana faa me la nanye mía tɔ.—Heb. 13:16; Dɔw. 20:35; Kor. II, 9:7.