Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le June me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. July: Axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe: Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, kple Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadzawo abe Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, kple Will There Ever Be a World Without War? ene. August: True Peace and Security—How Can You Find It? September: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? Míate ŋu ana Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe eteƒe.
◼ Tso September 9, 1996 ƒe kwasiɖa me vaseɖe September 29, 1997 ƒe kwasiɖa me la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me.
◼ Míeɖo “Application for Unassigned Territory (S-90)” ƒe agbalẽvi eve ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mikpe agbalẽvi evea siaa ɖo keŋkeŋ eye miaɖoe ɖe Habɔbɔa kaba hena dɔwɔwɔ tso eŋu. Míele aɖaŋu ɖom be miatia ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe ɖe wo nɔewo yome, siwo asɔ na hamea hena dɔwɔwɔ le anyigbamama si womede asi o me. Taflatse ne miewu miaƒe dɔdasiawo nu la miɖo akɔntaawo ɖe Habɔbɔa kaba.
◼ Ele be dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le June 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.
◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me (Ele go me)
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Eŋlisigbe: Ƒe 1951 vaseɖe 1955 Gbetakpɔxɔ bablawo; Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi (Suetɔ); Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee; Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Nuŋɔŋlɔ Gãtɔ); How Can Blood Save Your Life?; Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo. Gɛgbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! Twi: Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—1996.