Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le May 6 vaseɖe August 19, 1996, ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.
[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]
Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:
1. Ne nusi míate ŋu ana sɔ gbɔ alo le sue gɔ̃ hã la, esɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu be míaɖe kuku vevie be woana míakpɔ gome le kpekpe ɖe mía nɔvi Kristotɔ nuteƒewɔla siwo agbemenuhiahiãwo ƒe hiã tu la ŋu. (Kor. II, 8:1-4) [jv axa 314 mm. 1]
2. ‘Gog si tso Magog’ nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si fia asi xexe sia me dziɖuɖuwo. (Xez. 38:2) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW91 8/15 axa 27 mm. 2.]
3. Abe alesi wòdze le Xezekiel ta 23 ene be Ohola nye Oholiba nɔvinyɔnu tsitsitɔ la, nenema ke Roma Katolikotɔnyenye hã nye Protestanttɔnyenye ƒe nɔvinyɔnu tsitsitɔ, eye habɔbɔ evea siaa ƒo ɖi wo ɖokui to gbɔgbɔmehasiwɔwɔ kple xexeame ƒe asitsahawo kpakple dunyaheŋusẽwo me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 4/1 30.]
4. Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ale gbegbe be wosɔ gbɔ wu dukɔ ɖekaɖeka geɖe me tɔwo. [jv axa 278 mm. 3]
5. Kornelio ye nye Trɔ̃subɔla gbãtɔ si trɔ zu Kristotɔ. [it-1 axa 513 mm. 3, 4]
6. Yakobo 4:17 kple Xezekiel 33:7-9 wɔ ɖeka kple wo nɔewo, si fia be sidzedze nusi Mawu di tso mía sie na míezua amesiwo abu akɔnta nɛ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW93 4/1 axa 7 mm. 1.]
7. Daniel ɖee fia be nyagblɔɖila nyateƒetɔe yenye esi wòɖe nusi drɔ̃e me legba la fia me esi Fia Nebukadnezzar lĩ drɔ̃e la nɛ vɔ megbe. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ Daniel 2:7-9, 26.]
8. Tsi si nɔ dzidzim tso gbedoxɔ si wokpɔ le ŋutega me si ŋu woƒo nu tsoe le Xezekiel 47:1 la tsi tre ɖi na nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe ameŋukɔklɔŋusẽ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW88 11/1 axa 25 mm. 20.]
9. Bileam ƒe kpɔɖeŋua nye nuxlɔ̃ame na amesiwo katã sẽa to heyia edzi ŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi esime wole woa ŋutɔwo ƒe viɖewo yome tim. (Yuda 11) [it-1 axa 244 mm. 4]
10. Ebed-Melex ye nye nyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla nuteƒewɔla si wodo ŋugbe na be woakpɔ eta wòato toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu kple etsɔtsrɔ̃ me. [it-1 axa 259 mm. 5]
Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:
11. Mɔ kawo nue Charles Taze Russell ɖee fia le be yewɔa Yesu ƒe nya siwo wògblɔ tso Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ŋu la dzi? (Mat. 6:33) [jv axa 284 mm. 1]
12. Nuka dzie Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpewo ɖoa kpee ɖikekemanɔŋutɔe? [jv axa 254 mm. 2, 3]
13. Mɔ ka nue wòle be Yehowa ƒe Ðasefo amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo nanɔ abe Xezekiel ene le? (Xez. 11:25) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW88 11/1 axa 14 mm. 3.]
14. Nukatae wodzudzɔ kpekpe vovo wɔwɔ na ɖevi siwo le hamea me le ƒe 1938 me? [jv axa 246 mm. 1]
15. Mɔ kawo nue Fianyɔnu Atalya wɔ nu abe dadaa Izebel ene? [it-1 axa 209 mm. 3]
16. Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa gɔme ɖe? [kl-EW axa 25 mm. 7]
17. Ne hiã tu Kristotɔ vavã aɖe la, ameka koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana ŋutilãmekpekpeɖeŋui, eye Ŋɔŋlɔawo me nya ka dzie wò ŋuɖoɖoa nɔ te ɖo? [jv axa 305 mm. 1]
18. Amekae ɖe Boaz le Lewitɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu ɖe Naomi teƒe? [it-1 axa 347 mm. 8]
19. Nyagblɔɖila kae gblɔ be anyigba la le ‘nogoo,’ eye afikae woŋlɔ esia ɖo le Ŋɔŋlɔawo me? [kl-EW axa 17 mm. 14]
20. Nukae Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã fia ŋutɔŋutɔ? [jv axa 295 mm. 1]
Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:
21. Le Xezekiel 21:31 me vava nu la, ‘wobɔbɔ’․․․․․․․․ fiaɖuƒe si nye “amegã” la ɖe ‘anyi’ to etsɔtsrɔ̃ me le ƒe ․․․․․․․․ me, eye ‘wodo’ ․․․․․․․․ ƒe fiaɖuƒe ‘tsɛwo ɖe dzi,’ esi na woɖu anyigba la dzi eye Mawu ƒe kpɔɖeŋu ․․․․․․․․ aɖeke medo kplamatse na wo o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW88 11/1 axa 17 mm. 16.]
22. Le nyateƒe me la, ․․․․․․․․ ƒe agbalẽa ƒe akpa aɖe nye ․․․․․․․․ si woŋlɔ ɖi do ŋgɔ, si ƒo nu tso alesi dziɖuɖu gãwo aʋli ŋusẽ ne ƒeawo va le yiyim la ŋu. [si axa 138 mm. 1]
23. Woŋlɔ nyagbɔgblɔ si nye “nye dɔla Dawid” si le Xezekiel 34:23 le ․․․․․․․․ ƒe ku vɔ megbe kura; enye nyagblɔɖinya eye wòku ɖe ․․․․․․․․ ŋu. [si axa 137 mm. 31]
24. Tso January 1946 vaseɖe August 1948 la, Yehowa ƒe amewo na ․․․․․․․․ kple ․․․․․․․․ Ðasefo siwo nɔ dukɔ 18 ya teti siwo ŋu ․․․․․․․․ gblẽ nu le la me. [jv axa 308 mm. 3, 4]
25. Míewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖedzesiwo le ƒe 1931 me esime míexɔ ŋkɔ ․․․․․․․․ , le ƒe 1935 me esime míede dzesi ․․․․․․․․ la, le ƒe 1950 me esime míeɖe ․․․․․․․․ ɖe go, kple le ƒe 1962 me esime míeɖɔ míaƒe nugɔmesese ɖo le ․․․․․․․․ la ŋu. [jv axa 260 mm. 3–axa 264 mm. 2]
Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:
26. (Abigail; Tabita; Dina) ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖe gɔmeɖose si le Korintotɔwo I, 15:33 ƒe nyateƒenyenye fia. [it-1 axa 627 mm. 3]
27. Kores tsrɔ̃ (Yerusalem; Babilon; Niniwe) dugã la to alesi wòtrɔ (Tigris; Yordan; Frat) Tɔsisia ƒe mɔ be yeƒe asrafowo nate ŋu age ɖe dugã la me me. [it-1 axa 567 mm. 1]
28. Ŋkɔ si wotsɔ nɛ enye Yosef, gake le eƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kple dɔmenyonyo ta la, wova yɔe be (Andrea; Barnaba; Bartolomeo), si gɔmee nye “(Konyifafavi; Dzidzɔkpɔkpɔvi; Akɔfafavi).” [it-1 axa 257 mm. 3, 4]
29. Biblia ƒe nuŋlɔɖi si nye (Xezekiel; Daniel; Yesaya) dzaa ko mee woyɔ Belsazar, si nye (Kores; Nabonido; Nebukadnezar) ƒe viŋutsu gbãtɔ le, eye blematomenukuku wɔ ɖeka kple ŋutinya me nuŋlɔɖi sia ƒe nyateƒenyenye. [it-1 axa 282 mm. 11]
30. (Daniel kple Hosea; Yoel kple Amos; Yesaya kple Yeremya) ye gblɔ Babilon ƒe anyidzedze ɖi. [kl-EW axa 18 mm. 17]
Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete: Kron. II, 14:2-5; Ps. 78:40, 41; Yes. 55:10, 11; Dan. 1:8, 11-13; Kor. I, 9:16.
31. Ƒe 1949 Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ tsɔ te gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi be: “Yehowa wɔ gbeƒãɖeɖe wònye dɔ vevitɔ kekeake si mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ le xexe sia me.” [jv axa 292 mm. 4]
32. Mele be Kristotɔ sɔhɛwo nahe ɖe megbe o, le egbɔgblɔ na tatɔwo kple sukuhatiwo bubutɔe be yewomada le yewoƒe mawumedzitsinya dzi o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wEW92 11/1 axa 14 mm. 17.]
33. Tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu le gɔmedzedzea me la ava eme. [kl-EW axa 9 mm. 10]
34. Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo tsia tre ɖe xɔsegbegbe ŋu dzideƒotɔe eye wowɔa dɔ kutrikukutɔe tsɔ doa tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ. [it-1 axa 183 mm. 11, 12]
35. Seselelãmewo le Mawu si, eye etsɔa ɖe le tiatia siwo míewɔna la me. [kl-EW axa 14 mm. 8]