Aleke Viwò Ƒe Gbɔgbɔmemenyenye Le Le Suku?
1 Sukumegãwo nya hehe nyui si Yehowa Ðasefo viwo xɔ kple woƒe dɔsesẽwɔwɔ. Edzɔ dzi na Kristotɔ aɖe si nye vinɔ be wòxɔ lɛta sia tso vianyɔnu ƒe nufiala gbɔ, be: “Magblɔ be viwònyɔnuvi sue lae nye nyɔnuvi ɖota si si nɔnɔme nyui hã le wu si mekpɔ le afisia alo afi bubu ɖesiaɖe kpɔ.” Menye dzila siwo nye Ðasefowo koe kafukafu siawo tɔgbe nyea bubu na o ke enyea kafukafu na Yehowa hã. (Pet. I, 2:12) Gake esia mefia be mía vi sukuviwo medoa go kuxiwo le suku o.
2 Tsɔ kpe ɖe ŋgɔdzedze akpaɖekedzimademadenyawo ŋu la, sukumegãwo melɔ̃na ɖea mɔ na Kristotɔ sɔhɛwo be woatso le sukukpodzi ava ade ha kple hame si le sukudua me o. Dzinu ɖeka zi ɖeka koe sukumegã aɖewo ɖea mɔ na sukuvi siwo nye Ðasefowo be woade hamea ƒe kpekpewo. Bubuwo gbena kura be yewomaɖe mɔ be woatso le sukukpoa dzi ava wɔ Kristotɔwo ƒe dɔ aɖeke o. Ewɔnɛ be le ɣleti etɔ̃ blibo si woatsɔ anɔ sukukpoa dzi me la, sɔhɛ mawo siwo dzi nɔnɔmea mede o la megadea hamea ƒe kpekpewo alo gbeadzi o. Enana be ɖevi aɖewo va zua gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi ɣleti sia ɣleti o, eye ɖewo ƒe gbɔgbɔmemenyenye me gblẽna. Míede dzesii hã be ɖevi aɖewo meɖea wo ɖokui fiaa nɔvi siwo le wo gbɔ bene woakpe ɖe wo ŋu o, eye zi geɖe la, wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbɔe wòtsona. Nukae ɖevi siawo dzilawo ate ŋu awɔ le nɔnɔme siawo me?
3 Ne sukuƒea dze egɔme la, dzilawo ate ŋu atsɔ aɖaŋudzedze abia mɔ le sukumegãwo gbɔ be wo viwo nakpɔ gome le teokrasiwɔnawo me. Zi geɖe ne dzilawoe va bia la, enɔa bɔbɔe wu be woana mɔ wo. Emegbe la, ele be dzilawo nana hamemegã siwo le hame si le afisi sukua le me nanya ale be woanɔ kpekpeɖeŋu nam ɖevi siawo edziedzi. Ðewohĩ ate ŋu adze edzi gɔ̃ hã be woana mɔ wo be woawɔ kpekpeawo dometɔ aɖewo le sukua me na sukuviawo. Ðevi siwo nye Ðasefowo ƒo ƒu bia mɔ eye woɖee na wo. Gake dzilawo koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be woayi sukumegãwo gbɔ le nya siawo ŋu. Eɖea vi ne dzilawo va srãa wo viwo kpɔ le suku be woakpɔ alesi woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le, tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu. Esia fia be ele vevie be ne anya wɔ la, dzilawo nana wo vi siwo anɔ sukuƒewo me la nade sukua le afisi tsɔ ɖe wo gbɔ.
4 Ele be Kristotɔ sɔhɛwo nanɔ ŋudzɔ ɖe adzɔgbe si woɖe na Yehowa ŋu eye ne woɖe mɔ na wo be woayi kpekpewo la, mele be woazãe ɖe mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Ele be woanɔ klalo azã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe atsɔ aʋli woƒe xɔse la tae le dutoƒo. (Pet. I, 3:15; tsɔe sɔ kple Fiawo II, 5:1-14.) Dzilawo, sukuviwo, kple afisi wole sukua dem le ƒe hamemegãwo ƒe dɔwɔwɔ ɖekae akpe ɖe ɖevi siwo nye Ðasefowo ŋu be ŋusẽ nanɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me ne wole didiƒe ʋĩ tso wo nɔƒewo hã.—Dan. 1:3, 4, 8-19.