Gbeƒãɖeɖe Nyateƒea Gbesiagbe Le Yesu Sɔsrɔ̃ Me
1 Dɔ aɖe koŋ wɔwɔ tae Yesu va anyigba dzi ɖo. Egblɔe egɔme nya se bɔbɔe ale: ‘Be maɖi ɖase na nyateƒe la.’ (Yoh. 18:37) Eɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme kple tameɖoɖo wɔnukuwo ŋu. Dɔ sia nɔ abe nuɖuɖu ene nɛ; eya dzie wòtu eƒe agbenɔnɔ katã ɖo. (Yoh. 4:34) Luka gblɔ be Yesu nɔ ‘nufiafia dzi le gbedoxɔ la me gbesiagbe.’ (Luka 19:47) Yesu zã eƒe ɣeyiɣiwo katã bliboe. (Yoh. 9:4) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, ete ŋu gblɔ na Fofoa be: “Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si nètsɔ nam, be mawɔ la nu.”—Yoh. 17:4.
2 Ne ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu gbogbo siwo Yehowa wɔ na mí ŋu yɔ míaƒe dzi me la, míase le mía ɖokui me nenema ke be míaƒo nu le eyama ŋu gbesiagbe. Míanɔ ko abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ene, amesiwo gblɔ dzideƒotɔe be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” (Dɔw. 4:20) Woyi nuƒoƒo le Yehowa ŋu dzi madzudzɔmadzudzɔe, elabena nuŋlɔɖia gblɔ be “gbesiagbe womedzudzɔ . . . o.” (Dɔw. 5:42) Ele be míabia mía ɖokui se be, ‘Ðe mele Yesu, nye Nufiala la, srɔ̃ma?’
3 Hiahiã Kpata Tsɔtsɔ Ðe Gbeƒãe: Yesu gblɔ ɖi be ne woɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia le anyigba bliboa katã dzi la, “ekema nuwuwu aɖo.” (Mat. 24:14) Ele be esia nana míakpɔ alesi gbegbe míaƒe dɔa le vevie eye wòhiã kpatae. Esi ame miliɔn geɖe ƒe agbe le afɔku me ta la, dɔ aɖeke megali míawɔ si le vevie alo si aɖe vi wu dɔ sia o. Esi nuɖoanyi sia yina ɖe eƒe nuwuwu la, ɣeyiɣi si susɔ na dɔ sia wɔwɔ la le kpuie!
4 Nyatakakawo fia be Yehowa le tsɔtsɔe dom amesiwo ɖi alẽwo nuƒoƒoƒudɔa. (Yes. 60:22) Amewo le zi nyem va nyateƒea me le xexeame ƒe akpa geɖe, eye wotsɔ nuwɔna sia le egblɔm dzidzɔtɔe be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi”! (Zax. 8:23) Yesu ƒe nyawo sɔ fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe si va yi, be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. . . . Miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Ðe ema meʋã mí be dzo nanɔ mía me abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo “[nɔa] mawuxɔ la me ɖaa henɔa Mawu kafum” la ene oa?—Luka 24:53.
5 Na Woanya Nyateƒea Gbesiagbe: Ele be, gbesiagbe, míadi mɔ siwo nu míato agblɔ nyateƒea na amewo. Mɔnukpɔkpɔwo ate ŋu asu asiwò bɔbɔe. Àte ŋu azã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo atsɔ aƒo ka na xɔlɔ̃ alo ame nyanyɛ aɖe si nèkpɔ be aɖo toa? Alo lɛta ŋɔŋlɔ na ame aɖe si mète ŋu tu le aƒeme o hã ɖe? Èbu trakt nana fiasetɔwo ne èyi nuƒleƒe ŋu kpɔa? Míexɔe se be àte ŋu asusu mɔnukpɔkpɔ bubu geɖe siwo le asiwò gbesiagbe be nàgblɔ wò mɔkpɔkpɔa na ame bubuwo la ŋu. Ne èdze agbagba eye dzi le ƒowò vie la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò.—Tes. I, 2:2.
6 Eyata ne míedze míaƒe gbesiagbedɔwo gɔme la, ele be míabia mía ɖokui se be, ‘Ðe maxɔ ŋgɔ agblɔ nye mɔkpɔkpɔ la na ame aɖe ne mɔnukpɔkpɔa su asinye egbea?’ Srɔ̃ Yesu, amesi ɖe nusita wodɔe ɖe anyigba dzi la me be: “Ele nam be magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia” la ƒe kpɔɖeŋu. (Luka 4:43) Ne míedi be míanɔ abe míaƒe Nufiala la ene la, ke míawɔe nenema.—Luka 6:40.