Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1984 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ mawo mele o ate ŋu ana Survival Into a New Earth. February: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! March: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔxɔxɔ.
◼ Woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo katã kple “Identity Card” wo viwo le January 13 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔkpekpea me.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Wɔ Sukudede Ŋudɔ tsɔ Kafu Yehowae.”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Kwasiɖagbe, March 23, ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be woate ŋu adze nuƒoa gɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋu Ŋkuɖodzinuawo atsae o negbe le ɣeɖoto megbe hafi. Esi womawɔ kpekpe bubu aɖeke gbemagbe tsɔ wu kpekpewo hena gbeadziyiyi ko o ta la, miwɔ tɔtrɔ siwo sɔ bene miawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ɣebubuɣi. Ahiã be nutome sue dzikpɔlawo natrɔ asi le woƒe kpekpeɣiwo ŋu kwasiɖa ma le alesi nɔnɔmeawo le le afima nu. Mikpɔ “Gbeƒãɖeɖewo” le January 1996 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me hena numeɖeɖe bubuwo.
◼ Woaƒo ƒe 1997 Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, April 6, dzi. Míaɖo nuƒogbalẽvia ɖe mi. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo esiwo awɔ nutome sue takpekpe kwasiɖanuwuwu ma la, naƒo nuƒoa le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 6 o.