INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/97 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dzɔdzɔmefɔku Si Ate Ŋu Adzɔ Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ale Si Míana Kpekpeɖeŋu Ne Afɔku Dzɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 2/97 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Nukae wòle be míawɔ ne afɔku aɖe dzɔ si gblẽ nu le mía nɔviwo ŋu tẽ?

Ne Afɔku Dzɔ le Miaƒe Nuto Me: Dzidzi megaƒo wò o. Ðe dzi ɖi, eye wò susu nanɔ nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ dzi—agbe, ke menye nunɔamesiwo o. Kpɔ ŋutilãmenu siwo ahiã wò ƒomea enumake la gbɔ. Ekema na hamemegãwo nanya nu tso wò nɔnɔmea kple afisi nèle ŋu.

Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vevi aɖe le kpekpeɖeŋunuwo nana me. Nenye be woxlɔ̃ nu le afɔku aɖe ŋu do ŋgɔ, abe alesi wowɔnɛ le ahomya sesẽ aɖewo gome ene la, ele be nɔviŋutsu siawo nakpɔ egbɔ be amesiame le afisi le dedie, eye ne ɣeyiɣi aɖe mɔ la, woadi nuzazã siwo hiã eye woamã wo.

Emegbe la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nadi afisi ƒome ɖesiaɖe le eye woabia woƒe agbe ta se. Ele be woana dzikpɔla zimenɔla alo hamemegã bubu nanya nu tso nɔnɔme si me ƒome ɖesiaɖe le la ŋu, ne woli nyuie gɔ̃ hã. Ne ame aɖe xɔ abi la, hamemegãawo awɔ ɖoɖo bene woawɔ atike nɛ. Woana ŋutilãmenuwo abe nuɖuɖu, nudodowo, dɔƒe, alo aƒemenuzazã siwo hiã la wo. (Yoh. 13:35; Gal. 6:10) Afima hamemegãwo ana gbɔgbɔ me kple seselelãme kpekpeɖeŋu hamea eye woawɔ ɖoɖo kaba alesi dze be woagadze hame ƒe kpekpewo gɔme. Ne wobu akɔnta le nuwo katã ŋu nyuie vɔ la, ele be hamemegã aɖe nanɔ hamemegãwo ƒe ha la teƒe ana nutome sue dzikpɔla la nanya nu tso amesiwo xɔ abi, nusiwo gblẽ le Fiaɖuƒe Akpata la ŋu, alo nusiwo gblẽ le nɔviwo ƒe aƒewo ŋu, kpakple hiahiã tɔxɛwo ŋu. Nutome sue dzikpɔla la aƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea aka nya ta tso nɔnɔmea ŋu. Alɔdzedɔwɔƒea awɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋununana ƒe mɔnu gã ɖesiaɖe si hiã la ŋu.

Ne Afɔku Dzɔ le Teƒe Bubu: Ðo ŋku nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo dzi le wò gbedodoɖawo me. (Kor. II, 1:8-11) Ne èdi be yeana gakpekpeɖeŋu la, àte ŋu aɖo wò nunanawo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea, afisi wodzra gakpekpeɖeŋu ɖo ɖe taɖodzinu sia ŋu. Adrɛs lae nye: Watch Tower, P. O. Box 760, Accra. (Dɔw. 2:44, 45; Kor. I, 16:1-3; Kor. II, 9:5-7; kpɔ December 1, 1985, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 20-2.) Megaɖo nuwo alo nuzazãwo ɖe afɔkuteƒea o negbe nɔvi siwo nye dɔa dzi kpɔlawo bia hafi. Ana kpekpeɖeŋunana la nanɔ ɖoɖo nu eye woamã nuwo nyuie. (Kor. I, 14:40) Taflatse migaƒo ka na Habɔbɔa madzemadzee o, elabena axe mɔ be míagakpɔ mɔ akpɔ kaƒoƒo siwo tso afɔkuteƒea siwo hiã la gbɔ o.

Ne Habɔbɔa lé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie vɔ la, anya ne ehiã be woaɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti. Woana nɔvi siwo dzi woate ŋu aka ɖo la nanya. Amesiame nakpe asi ɖe hamemegã siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu ale be woakpɔ nɔviawo katã ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ.—Kpɔ Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, axa 310-15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe