“Miaƒe Anyinɔnɔ le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie”
1 Wonya nyateƒe Kristotɔwo be wonɔa agbe nyui le woƒe agbenɔnɔ ƒe go ɖesiaɖe me. Le esi wosrɔ̃a Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ta la, wole dzadzɛ le ŋutilã me, agbenɔnɔ me, kple le gbɔgbɔ me. (Ef. 5:1, 2) Woƒe nuwɔwɔ alea na womezua nukikli na ame aɖeke o ke boŋ wotsɔa woƒe agbenɔnɔ dea dzi ƒo na ame bubuwo be woasrɔ̃ yewo.—Kor. I, 11:1; Kor. II, 6:3, 4.
2 Gake xexe si me míele la ƒe nuwɔna ɖesiaɖe ƒaƒã eye woƒe nutovowɔwɔ wu gbɔgblɔ. Eyata mí nyateƒe Kristotɔwo “míezu nukpɔkpɔ na xexeame.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míakpɔtɔ anɔ ‘keklẽm abe akaɖiwo ene le xexeame.’—Kor. I, 4:9; Fil. 2:15.
3 Srɔ̃ɖeɖe si nye nusi dzi wotu ameƒomea ɖo nye nu gbãtɔ siwo Satana tɔ ŋkui be yeagblẽ la dometɔ ɖeka. Ewɔ nusianu si wòate ŋui be yeatsɔ agblẽ edomee. Eyata Yehowa de se be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome.” (Heb. 13:4) Le Yehowa ƒe amenuveve me la, nu ma tututue wòkpe ɖe eƒe amewo ŋu wowɔ le nuɖoanyi gblẽku sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me eye míeda akpe geɖe ɖe eta.
4 Woƒoa nu nyui le Yehowa ƒe amewo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu le dukɔ sia me. Esia mewɔ nuku o elabena Mawu ɖo aɖaŋu eye wòna mɔfiame nyuiwo mí le go sia me. Biblia ŋutɔ le mía si. Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu la le mía si, agbalẽ si nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me kple agbalẽ yeye si do nyitsɔ laa si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona hã li. Le ɣleti ʋee siwo va yi me hã la, nyatiwo nɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ku ɖe alesi wòle na ŋutsu kple nyɔnu be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋu. Nusiawo katã tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la gbɔ.—Mat. 24:45-47.
5 Le Zɔzɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Me: Agbenyuinɔnɔ le srɔ̃ɖeɖe me dzea egɔme tso gɔmedzedzea, le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Kristotɔwo nya be Biblia tsri gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. (Kor. I, 6:9, 10) Togbɔ be Biblia ɖe mɔ ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia si sɔ si manyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro alo seselelãme gbegblẽwo ɖe ame me o ŋu hã la, etsri makɔmakɔnyenye alo hadzedze kura.—Rom. 16:16; Ef. 5:5; Nyaɖ. 22:15.
6 Makɔmakɔnyenye fia nyagbɔgblɔ alo nuwɔwɔ makɔmakɔ ɖesiaɖe ƒomevi. Wo dometɔ aɖewoe nye asilili no ŋu na ame ɣeaɖeɣi alo asikaka ɣaɣlɛƒe aɖewo ŋu atsɔ anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me abe asilili ame ŋu ene. Ne woɖoe koŋ wɔa nusia la, makɔmakɔnyenyee wònye eye ebia ŋkumekaka vevie. Ne wowɔnɛ edziedzi la, ke eva zua hadzedze. (Gal. 5:19-21) Togbɔ be xexemetɔwo bua nuwɔna mawo be womegblẽ o eye be wosɔ hã la, woate ŋu awɔe be woaɖe ame le Yehowa ƒe habɔbɔ dzadzɛ la me.
7 Ŋugbedodomenɔɣi: Nukata menyo be ŋutsu kple nyɔnu siwo le ŋugbedodo me la nanɔ lɔlɔ̃nuwɔna siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me wɔm o? Mele Ŋɔŋlɔawo ƒe afi aɖeke be ŋutsu kple nyɔnu siwo le ŋugbedodo me la nanɔ nu wɔm abe srɔ̃tɔwoe wonye ene o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 7:18-21.) Nuka kee xexemetɔwo wɔna alo gblɔna o, Kristotɔwo ya nɔa ŋudzɔ ale be woƒoa asa na nusi akplɔ wo ade nugbegblẽwɔwɔ me. Womeɖea mɔ le wo ɖokui ŋu ale be woawo ɖeɖe nɔa ʋu me alo xɔ me alo aƒeme o. Ne ŋutsua kple nyɔnua ado go wo nɔewo le teƒe si ɖe vovo la, anyo be ame etɔ̃lia aɖe si nye ame tsitsi nanɔ wo gbɔ ɣesiaɣi. Azɔ esi aha sesẽ nana womegate ŋu ɖua ame ɖokui dzi o ta la, nunya anɔ eme be ŋutsua kple nyɔnua nakpɔ nyuie le wo zazã me ne woawo ɖeɖee li, ne sue aɖee woano gɔ̃ hã.—Hos. 4:11.
8 Nyateƒe Kristotɔwo tsɔa nya siwo le Tesalonikatɔwo I, 4:3-6 la nya veviwoe. Togbɔ be xexemetɔwo bunɛ be enyo be ŋutsu kple nyɔnu siwo le ŋugbedodo me nagbugbɔ nu na wo nɔewo, abla ɖe wo nɔewo ŋu, eye woanɔ asi lilim ŋui wòanyɔ dzodzro ɖe wo me hã la, ‘mele be míanɔ amehawo yome le nuvlowɔwɔ me o.’—Mose II, 23:2.
9 Ðe Wòhiã be Woaɖe Gbeƒã Dekɔnu Srɔ̃ɖeɖea?: Wogblɔe eme kɔ nyuie ɖe nyati si nye “Hena Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Katã” si ƒo nu tso dekɔnu srɔ̃ɖeɖe kple edede agbalẽ me ŋu le March 1978 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ me be srɔ̃ɖeɖe si ŋu bubu le le Ghanatɔwo ƒe kɔnu nu kple le Mawu ŋkumee nye be woawɔ nusianu si dekɔnu srɔ̃ɖeɖe bia eye ɖaseɖilawo nakpɔ eteƒe. Le ema megbe la, se bia be ele be woade srɔ̃ɖeɖe sia agbalẽ me le nutoa me dziɖuɖu dɔwɔƒe. Ne wowɔe alea la, ke wowɔ ɖe kɔnu, se, kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo dzi.
10 Gake nya aɖee nye si: Nɔviŋutsu aɖe yi du aɖe me ɖana tanuawo heɖe srɔ̃ le dekɔnu nu le afima. Emegbe ekplɔ srɔ̃a va eƒe aƒeme le ɖoɖoezizi me wòva le egbɔ evɔ hamea me tɔ akpa gãtɔ alo nutoa me tɔwo menya nu tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o. Alo, togbɔ be wowɔ srɔ̃ɖenu ɖesiaɖe le dekɔnu nu vɔ hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe te ŋu yia nɔvia gbɔ wonɔa anyi abe atsu kple asi ene eye emegbe wogatrɔna yia woƒe nɔƒewo. Ðe nane gblẽ le wɔna siawo ŋua?
11 Enye nyateƒe be ame evea ɖe wo nɔewo le se kple Ŋɔŋlɔawo nu ya. Gake aleke nɔviwo kple nutoa me tɔ siwo menya nu tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o la abui? Ðe eteƒekpɔlawo tɔ madzɔ be woanɔ susu aɖewo bum le nyɔnua ƒe aƒea me vava vlavo alo wo ame evea ƒe nɔewo gbɔ yiyi atsi adɔ ŋu, vevietɔ esi wonya be ɖe bubu nɔa Yehowa subɔlawo ƒe srɔ̃ɖeɖe me hafi oa? Nya siawo mafɔ ɖe te ne ɖe woɖe gbeƒã srɔ̃ɖeɖea o.
12 Nya bubu enye si: Ke ne nɔviŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu kple susu be yeagava dee agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ emegbe ɖe? Togbɔ be esia mehiã hafi srɔ̃ɖeɖea nade blibo o (elabena dekɔnu srɔ̃ɖeɖea ɖeɖe de) hã la, ame aɖewo gawɔa ema kpenɛ. Ðe nane gblẽ ne srɔ̃tɔ siawo nɔ anyi abe ŋutsu kple srɔ̃a ene do ŋgɔ na dziɖuɖu gbɔ ƒe wɔna la? Wonye srɔ̃tɔwo le se nu kple le Ŋɔŋlɔawo nu baa. Gake míagabia be: Aleke eteƒekpɔla siwo nya be wogbɔna ede ge agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ abui ne wole wo nɔewo gbɔ xoxo? Togbɔ be woɖe srɔ̃ le dekɔnu nu xoxo hã la, ɖe mawɔ na wo abe ke ɖe ame evea le wo nɔewo gbɔ dɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ene oa?
13 Nana Be Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me: Ke aleke míakpɔ nya siwo míegblɔ va yi gbɔ bubutɔe be mazu nukikli na ame aɖeke o? Bene ‘míawɔ nu abe alesi wòdze nyanyui la ene’ la, anyo be míabu nanewo ŋu. (Fil. 1:27) Esi míele xexe si me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo eye wobua gbɔdɔdɔ manɔsenu be enye nu nyui ta la, míedi be míawɔ nu wòadze abe ɖe míele kpɔɖeŋu mawo srɔ̃m o. Ke boŋ míedi be míato vovo. Eyata be bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le Mawu kple amewo ŋkume la, hafi amesiwo ɖe wo nɔewo le dekɔnu nu nava nɔ anyi abe atsu kple asi ene la, anyo be woato mɔ aɖe dzi ana amewo nanya nu tso srɔ̃ɖeɖea ŋu, woate ŋu aɖe gbeƒãe na hamea loo alo woakpe xɔlɔ̃ ʋee aɖewo be woava do dzidzɔ ɖe wɔna la ŋu, alo be woawɔ evea siaa. Asɔ be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo le wɔnaa wɔƒe.—Tsɔe sɔ kple Mateo 25:1-10; Nyaɖeɖefia 19:9.
14 Ne woɖoe be yewoade srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ le dekɔnu tɔa wɔwɔ megbe eye wona amewo nya nu tso eŋu la, ke ɖe bubu manɔ eŋu be woawɔ esia hã vɔ hafi ava nɔ anyi abe srɔ̃tɔwo ene bene amewo nagabu susu vɔ̃ ɖe wo ŋu oa?
15 Le dukɔ siwo me womeda asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo dzi be woazã wo na dziɖuɖu gbɔ srɔ̃ɖeɖewo wɔwɔ o gome la, April 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, gblɔ le axa 24 be: “Ne wowɔ ɖoɖo be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo esi woɖe srɔ̃ le dziɖuɖu gbɔ vɔ megbe la, manyo be wɔna eveawo dome nadidi ŋkeke geɖewo o.” Nenema ke le mía gome hã la, manyo be dekɔnu srɔ̃ɖeɖea kple nuƒoa ƒoƒo le Fiaɖuƒe Akpataa me dome nadidi ŋkeke geɖewo o. Esia mazu nukikli na ame aɖeke le esi ame evea va le wo nɔewo gbɔ abe atsu kple asi ene do ŋgɔ hafi woava na amewo nanya nu tso srɔ̃ɖeɖea ŋu le mɔ nyuitɔ nu o. Gake ele be woade dzesii be le bubu si míedea Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ta la, hafi hamemegãwo naɖe mɔ woaƒo srɔ̃ɖenuƒoa le Fiaɖuƒe Akpataa me le dekɔnu srɔ̃ɖewɔna la vɔ megbe la, ele be woakpɔ egbɔ be wode dekɔnu srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le nutoa me dziɖuɖu dɔwɔƒe hafi. Nusia wɔwɔ mahiã o nenye be woda asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa dzi wowɔa dziɖuɖu srɔ̃ɖeɖe le eme eye dziɖuɖu srɔ̃ɖeɖea dede agbalẽ me nye srɔ̃ɖenuƒoa ƒe akpa aɖe.
16 Ame aɖewo wɔ ɖe aɖaŋu si le etame dzi ale be wowɔ dekɔnu srɔ̃ɖeɖea le ŋdi me eye wowɔ dziɖuɖu gbɔ tɔa le Fiaɖuƒe Akpata me le gbemagbe ke ƒe ŋdɔ me. Ame aɖewo hã wɔ dziɖuɖu gbɔ srɔ̃ɖeɖea le Fiaɖuƒe Akpata me le kwasiɖanuwuwu si kplɔ dekɔnu tɔa ɖo dzi. Anyo be woagana ɣeyiɣi didi aɖeke natso wɔna eveawo dome o.
17 Le amesiwo wɔ dekɔnu srɔ̃ɖeɖea vɔ eye wova li abe atsu kple asi ene xoxo gome la, ne emegbe wodi be yewoade srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ la, masɔ be woakpe amewo va Fiaɖuƒe Akpata me woaƒo srɔ̃ɖenuƒo abe ke azɔe wole srɔ̃ ɖem ene o. Woɖe gbeƒã woƒe srɔ̃ɖeɖea xoxo eye wona wokpɔ wo be wonye srɔ̃tɔwo. Ne wowɔ atamkakawo eye wode woƒe ŋkɔ agbalẽa me ko la esɔ gbɔ.
18 Ne míekpɔ nyawo gbɔ alea la, míeka ɖe edzi be ana míazu nukikli na ame aɖeke o eye míaƒe anyinɔnɔ le xexemetɔwo dome akpɔtɔ anɔ nyuie.—Pet. I, 2:12.