INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/97 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 9/97 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le September me: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. Tso ɣletia ƒe nuwuwu lɔƒo la, míamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia. November: Míayi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã dzi. Hame siwo tsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia kpe woƒe anyigbamamã ɖo eye woɖo aƒemenɔlawo gbɔ le aƒeme alo nɔƒe ɖesiaɖe la ate ŋu ana Sidzedze-gbalẽa. December: New World Translation kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa.

◼ Ele be dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo le April 15, 1991, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 21-3 ku ɖe amesi woɖe le hamea me alo amesi ɖe eɖokui le hamea me si le didim be woagaxɔ ye la dzi.

◼ Ele vevie be amesiwo ade 20 alo wu nenema siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖi tsa va Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe la naŋlɔ lɛta na alɔdzedɔwɔƒea gbã. Taflatse miŋlɔ ame agbɔsɔsɔ si gbɔna kple ŋkeke si miava. Habɔbɔa maɖo lɛta sia ŋu aɖo ɖe mi o, eyata migalala be woaɖo eŋu na mi hafi miava o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Habɔbɔa menaa dzeƒe hamewo alo ame ɖekaɖeka siwo ɖia tsa vaa afisia o. Taflatse migaŋlɔ lɛta tsɔ bia esia o.

◼ Amesiwo le hamea me la nawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeyewo kple esiwo wogbugbɔ le dɔdɔm kpakple woa ŋutɔwo tɔ katã to hamea dzi.

◼ Habɔbɔa mekpea agbalẽviwo ɖo na gbeƒãɖela ɖesiaɖe ɖe agbalẽ siwo wòadɔ nu o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒãe ɣleti ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi woatsɔ ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽnudɔdɔ si hamea wɔna la aɖo ɖe Habɔbɔa ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ na woa ŋutɔwo ƒe zazã la nagblɔe na agbalẽdzikpɔla. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo tɔxɛ le nenɔ susu me na mi. Migadɔ wo kɔ ɖi o.

◼ Woto esia dzi le ŋku ɖom edzi na subɔsubɔkɔmitia be wòakpɔ egbɔ be woɖo “Literature Inventory Form” (S-AB-18) ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 6, 1997, nava yi. Woaɖo “Congregation Analysis Report” (S-10) ɖa hafi September 10, 1997, nava yi.

◼ Ne hamewo le agbalẽwo dɔm la, ele be wòanɔ susu me na wo be gbeƒãɖelawo koe ate ŋu azã Habɔbɔa ƒe CD-ROM la, elabena nya aɖewo le edzi siwo menye amesiamee axlẽe o.

◼ May 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe “Nyabiaɖaka” ɖo aɖaŋu be míaɖɔ ŋu ɖo le dɔwɔwɔ kple nyɔnu alo ŋutsu gbeƒãɖelawo me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu. Enyo be mí katã míabu nu ŋu nyuie le nya sia me. Esia mefia be dzikpɔla mɔzɔlawo alo nɔviŋutsu bubuwo mate ŋu awɔ dɔ kple nɔvinyɔnuwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. Susu si woɖe gblɔ boŋ enye be menyo be nɔviŋutsu aɖe nanɔ zɔzɔm kple nɔvinyɔnu ma ke si menye eƒe ƒometɔ o la ɣesiaɣi o.

◼ Míele asi trɔm le Watchtower Publications and Cost List yeye ŋu, eye míaɖo ene ɖe hame ɖesiaɖe. Ele be woamã wo na agbalẽŋlɔla kple nɔvi siwo kpɔa agbalẽ, magazine, kple gakɔnta dzi.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na mi be ne miele nudɔdɔ siwo le vɔvɔm wɔm yeyee la, míadi be miazã “Expiring Subscription” ƒe agbalẽvi si woɖo ɖe hamea. Ne ɖeke meli o la, ke miazã nudɔdɔ si le vɔvɔm ŋuti nananyagbalẽvi si le magazinea me alo esi wota ɖe kotokua me. Esia ana míawɔ dɔ tso nudɔdɔ si le vɔvɔm si wogbugbɔ wɔ yeyee ŋu kaba. Taflatse midze agbagba miaxɔ nudɔdɔ si wogbugbɔ wɔ yeyee kaba alesi miate ŋui ale be tataa aɖeke nagato amesi dɔe ŋu o.

◼ Le ɣeyiɣi kpui ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔbiabiawo gome la, ne kpeɖeŋutɔ si wotia la le hame bubu me la, anyo be eya hã nabia dɔa to eƒe hamemegãwo dzi ale be míate ŋu awɔ dɔ tso dɔbiagbalẽvi evea ŋu ɖekae le alɔdzedɔwɔƒea. Ele be dɔbiagbalẽviwo naɖo Habɔbɔa gbɔ ɣleti etɔ̃ teti do ŋgɔ na dɔa gɔmedzeɣi.

◼ Agbalẽ Siwo Gali:

Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi

Nukae Mawu Di tso Mía Si?—Eʋegbe, Gɛgbe

Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me (Tract No. 15)—Twi

Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se? (Tract No. 14)—Twi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe