Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si le hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. February: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ.
◼ Woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo katã ava January 5 kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔkpekpea eye woana “Identity Card” wo viwo hã.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Ðe Wò Nukpɔsusu le Agbe Ŋu Sɔ Kple Mawu Tɔa?”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Memleɖa, April 11, ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be woate ŋu adze nuƒoa gɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋu Ŋkuɖodzinuawo atsae o negbe le ɣeɖoto megbe hafi. Togbɔ be anyo be hame ɖesiaɖe naɖu Ŋkuɖodzia vovoe hã la, ɖewohĩ manya wɔ alea ɣesiaɣi o. Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu adi teƒe bubu azã fiẽ ma. Mele be zã nado akpa hafi woadze Ŋkuɖodzia ɖuɖu gɔme si awɔe be ɖetsɔlemetɔ yeyewo mate ŋu ayi o. Azɔ hã mele be ɣeyiɣi si atso wo dome nanɔ kpuie ale gbegbe be ɣeyiɣi manɔ anyi do ŋgɔ na azã la ɖuɖu alo emegbe be miado gbe na amedzrowo, awɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu si woayi edzi ana ɖetsɔlemetɔwo ŋu, alo ade dzi ƒo na mia nɔewo o. Ne hamemegãwo de ŋugble le nusianu ŋu vɔ la, woatso nya me le ɖoɖo si akpe ɖe Ŋkuɖodzia valawo ŋu wu bene wɔnaa naɖe vi na wo bliboe.
◼ Woaƒo ƒe 1998 Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, March 29, dzi. Míaɖo nuƒogbalẽa ɖe mi. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo awɔ nutome sue takpekpe kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒoa le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na March 29, 1998 o.
◼ Hamemegãwo ƒe hawo nanya be ehiã be woawɔ asitɔtrɔ siwo gbɔna ne hamea ayi nutome sue takpekpewo: Ne wowɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ŋu la, ele be hamea nawɔ kpekpewo katã le kwasiɖa ma me abe alesi wowɔnɛ ene, negbe Dutoƒokpekpea kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a koe womawɔ o. Ne miayi nutome sue takpekpe la, hamea mawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔkpekpea hã o; Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ko miawɔ le mia gbɔ le kwasiɖa ma me.
◼ Tso May 4, 1998, ƒe kwasiɖa vaseɖe September 14, 1998, ƒe kwasiɖaa me la, míasrɔ̃ “Wò Fiaɖuƒe Nava” ƒe agbalẽa le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Gake Eŋlisigbe hamewo asrɔ̃ The Bible—God’s Word or Man’s?