INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/98 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 2/98 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le February me: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu. April kple May: Míaxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo.

◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔna me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖe be wòaɖo eƒe gaƒoƒo nudidia gbɔ la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Midzro Habɔbɔa ƒe October 1, 1993, kple November 2, 1992 ƒe lɛtawo (S-201) me hena aɖaŋuɖoɖowo. Mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe memamã 12-20 hã.

◼ Tso May 4, 1998, ƒe kwasiɖa vaseɖe September 14, 1998, ƒe kwasiɖaa me la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye “Wò Fiaɖuƒe Nava” le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Gake Eŋlisigbe hamewo asrɔ̃ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s.

◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, kple May me nawɔ woƒe ɖoɖowo fifia eye woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽviwo ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖo siwo hiã eye be woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi. Miɖe gbeƒã amesiwo katã woɖe mɔ na be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔwo na hamea.

◼ Gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo wɔ ɖoɖo be yewoawɔ dɔ le anyigbamamã siwo womede asi na hame aɖeke o me le ɣleti siwo gbɔna me la nawɔ ɖoɖo ana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze-gbalẽa le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Woate ŋu azã agbalẽ xoxo bubuwo hã.

◼ Betel anɔ tutu le Fiɖagbe, March 6, 1998 dzi. Míawɔ dɔ gbemagbe o, eyata taflatse migava loo alo awɔ ɖoɖo be yewoava ɖi tsa o.

Drama ƒe Kasɛt Yeye

Zi gbãtɔe nye sia le dukɔ sia me si drama kasɛt si ƒe tanyae nye Agbeɖeɖe le Dɔŋɔli va le mía si le mía degbe siwo gbɔna me—Eʋegbe, Gɛ̃gbe, kple Twigbe. Hamewo ate ŋu adɔe. Esi wònye nudɔdɔ si ŋu wowɔa ɖoɖo ɖo ta la, taflatse midɔe na amesiwo bia koŋ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe