Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Liberia: Esi aʋawɔwɔ na wotu alɔdzedɔwɔƒe si le Monrovia ɣleti 15 sɔŋ megbe la, wogaʋui le September 1 dzi. Wobu gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye 1,977 ƒe akɔnta le September me.
Mozambique: Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 28,005 le September me. Woƒe agbɔsɔsɔ xoxotɔ le May 1975 me enye 25,790, eyata enye nu ɖedzesi le Mozambique ƒe teokrasi ŋutinya me.
Nepal: Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 306 le September me. Wole Biblia-nusɔsrɔ̃ 500 kloe wɔm fifia.
St. Helena: Wotsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia na ƒome ɖesiaɖe le ƒukpo sia dzi.
Dukɔ geɖe dze subɔsubɔƒea gɔme kple gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si de dzidziɖedzi alafa memamã 5 ɖe ƒe si va yi ƒe agbɔsɔsɔ dzi: Hong Kong, 4,230; Madagascar, 8,749 (gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 912 kpe ɖe eŋu); Taiwan, 3,497.