INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/98 axa 1
  • Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Nàyi Ɣesiaɣi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Nàyi Ɣesiaɣi!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Kpekpewo Yiyi—Míaƒe Agbanɔamedzi Vevie Wònye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 7/98 axa 1

Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Nàyi Ɣesiaɣi!

1 Ƒe bla nanewoe nye sia si woɖo asi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo le Ɣedzeƒe Europa dzi be womegakpe le gaglãgbe o. Kpɔ alesi gbegbe wokpɔ dzidzɔe ɖa le susu me esime woɖe mɔxenuawo ɖa eye ablɔɖe su wo si wogate ŋu kpe ɖekae!

2 Nutome sue dzikpɔla aɖe ŋlɔ le hame siawo dometɔ aɖe si wòva srã kpɔ ŋu be: “Le Braɖagbe fiẽ, le sasrãkpɔa ƒe gɔmedzedze tututu la, dzoxɔxɔmɔ̃a gblẽ. Yame fa gbɔ eme le xexe, eye le xɔa me la, enɔ Celsius 5 lɔƒo ko. Nɔviawo nɔ anyi do woƒe kot, kɔmeblavɔwo, asiwuiwo, kukuwo, fafamefɔkpawo. Ame aɖeke mete ŋu xlẽ Biblia kplɔ nuƒola ɖo o, elabena manya wɔ be nàkee o. Nye lãme fa miamiamia le nye kot me hafi metɔ ɖe nuƒolanɔƒea, eye ne meƒo nu la mekpɔa alesi yame fae la ƒe dzesiwo le ya si dona le nunye me. Gake nusi wɔ dɔ ɖe dzinyee nye be nyemese be ame ɖeka gɔ̃ hã le nyatoƒoe tom o. Nɔviawo katã gblɔ be evivi yewo nu eye enyo ŋutɔ be yewova!” Meva susu me na nɔvi mawo be yewoana kpekpe ma nato yewo ŋu gɔ̃ hã o!

3 Nenemae Míesena le Mía Ðokui Mea? Ðe míekpɔa dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si le mía si be míakpe faa le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo me ŋua? Alo ɖe míebua míaƒe kpekpewo nu tsɛe ne míele ablɔɖe mea? Ðewohĩ manɔ bɔbɔe be míayi kpekpewo edziedzi o, eye ɣeaɖewoɣi nanewo awɔe be manya wɔ be míayi o. Gake mègaŋlɔe be o be ame aɖewo le mía dome siwo dze si kpekpewo ƒe vevienyenye eye wovana ɣesiaɣi kloe togbɔ be wotsi le ƒe me, woƒe lãme gblẽ vevie, wonye nuwɔametɔwo, wowɔa dɔ sesẽwo, eye agbanɔamedzi gã bubuwo le wo dzi hã. Kpɔɖeŋu nyui kawoe nye si wonye na mí!—Tsɔe sɔ kple Luka 2:37.

4 Mina míawɔe wòanye míaƒe numãme be míado alɔ tadedeagu vavãtɔ to míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã dede me, tso agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo sue dzi vaseɖe takpekpe gã dzi. Nukata wòle be míabu kpekpe siawo yiyi nu vevii nenema? Elabena Mawu ƒe sedede wònye be míakpe ta ɖekae. Gake susu vevi bubu aɖewo gali. Mí katã míehiã Mawu ƒe nufiafia kple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu eye míexɔa nusiawo katã le kpekpewo me. (Mat. 18:20) Ne míede ha kple mía nɔviwo la, dzidede ƒo na mía nɔewo tua mí ɖo.—Heb. 10:24, 25.

5 Esime Yesu ƒe nɔnɔme trɔ la Petro gblɔ be, “Amegã, enyo na mí bena, míanɔ afisia.” (Luka 9:33) Ele be míase le mía ɖokui me nenema ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã ŋu. Nyateƒee, aleke gbegbe wònyoe nye si be nàyi ɣesiaɣi!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe