Nye Gbeƒãɖela si Tsia Dzi Ðe Magazinewo Ŋu
1 Yehowa tsɔ gbedasi vevi aɖe na mí be míaɖe gbeƒãe eye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo wɔa akpa vevi aɖe le gbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Magazine siawo ate ŋu aɖe vi na ame ƒomevi ɖesiaɖe le nɔnɔme ɖesiaɖe me elabena nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi siwo kpɔa amewo ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔe le wo me—gbɔgbɔ me, seselelãme, hadome, kple ƒome nyawo.—Mat. 5:3; Dɔw. 26:18.
2 Togbɔ be magazine siawo mamã le dzidzim ɖe edzi hã la, nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe fia be ele be gbeƒãɖela siwo le dukɔ sia me la ƒe afã kloe nalé fɔ ɖe magazineawo mamã ŋu geɖe wu. Esi míele nuwuɣia me ʋĩ ta la, aleke mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atsi dzi ɖe magazineawo ŋui?
3 Ame Ŋutɔ ƒe Dzadzraɖo Hiã: Gbedzi nyatakakawo fia be gbeƒãɖela eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me koe xlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe. Be míatsi dzi ɖe magazineawo ŋu la, ehiã be míaxlẽ tata ɖesiaɖe elabena esiae akpe ɖe míawo ŋutɔ ŋu be míakpɔ asixɔxɔ si le wo ŋu nyuie. Ne míenya nyati siwo le magazineawo me la, atu miaƒe kakaɖedzi kple míaƒe didi vevie be míatsɔ wo ana ɖo. Ne èle tataawo dometɔ ɖesiaɖe xlẽm la, bia ɖokuiwò be, ‘Amekae nyati sia adzɔ dzi na?’
4 Ŋgɔdonya Nyuiwo: Dzra dzeɖonya kpui aɖewo ɖo. Tia nyati si adzɔ dzi na ŋutsu, bubu na nyɔnu, eye ɖeka hã na sɔhɛwo. Enana ƒe mɔ nyuitɔe nye be nàbia nya tso nyati si anyɔ ɖetsɔleme ŋu eye nàfia asi nyati si nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi si ɖo eŋu lae. Kakaɖedzi kple xɔlɔ̃wɔwɔ nenɔ mewò. Trɔ ɖe nɔnɔmea ŋuti eye nàdi nusi dzi mia kple aƒemenɔla la mielɔ̃ ɖo.
5 Wɔ Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Ŋudɔ: Ðewohĩ magazine ɖeka aɖe me nya tututue ame aɖe ahiã bene wòadze si nyateƒea! Eyata eɖanye tso aƒeme yi aƒeme alo ablɔdzi ɖaseɖiɖi, fiase me yi fiase me alo fiẽsiɖaseɖiɖi, ne tɔtrɔyiwo wɔm nèle alo le Biblia nusrɔ̃vi xoxowo srãm kpɔ o, wɔ mɔnukpɔkpɔawo dometɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ ana magazine siawo. Be didia nanɔ mewò la, ɖo magazine xexlẽme si nàdi be yeana dzinu sia dzinu la ƒe taɖodzinu na ɖokuiwò.
6 Ke ne menye gbedziɣeyiɣie o ya ɖe? Nɔviŋutsu aɖe si ɖo bɔs yina dɔme la dze ye ŋutɔ ƒe Gbetakpɔxɔ xexlẽ gɔme. Ʋuɖola si nɔ exa ɖe ɖetsɔleme fia eye enumake nɔviŋutsua nɛ magazine vovovo etɔ̃! Esia fia magazineawo tsɔtsɔ ɖe asi ayi afisiafi la ƒe viɖe. Tsɔ wo na dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, sukuhatiwo alo nufialawo le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si sɔ me.
7 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ye nye magazine siwo ŋu viɖe le wu be amewo naxlẽ egbea. Gbɔgbɔ me nyateƒe siwo le wo me la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui mavɔ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi. Ðe nàte ŋu atsɔ ŋkeke ɖeka teti le kwasiɖa ɖesiaɖe me aɖo anyi hena magazine ɖaseɖiɖia? Mina míadze agbagba ana magazineawo nadzro aƒemenɔlawo eye míatsɔ wo ana wo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me.—Tim. I, 2:3, 4; 4:16.