Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Subɔsubɔdɔdzikpɔla
1 Subɔsubɔdɔdzikpɔla tsɔa ɖe le nusianu si ado gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ le hamea ƒe anyigbamamã me la me vevie. Eyata ewɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe mía ŋu be míawɔ míaƒe dɔdasi si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia ade goe me. Esi wònye gbeƒãɖela dovevienu ta la, exɔa ŋgɔ wɔa ɖoɖo ɖe gbeadziyinyawo katã ŋu. Esi wònye nufiala bibi ta ekpena ɖe gbeƒãɖela ɖesiaɖe ŋu be wòabi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me.—Ef. 4:11, 12.
2 Hamemegã siae kpɔa subɔsubɔdɔwɔla siwo wode dɔ asi na be woakpɔ agbalẽwo, magazinewo, kple anyigbamamãwo dzi la ƒe dɔwo dzi tẽ. Eyae kpɔa egbɔ be agbalẽwo, magazinewo, kple dɔwɔgbalẽwo li le agbɔsɔsɔ nyui me hena zazã ɣleti ɖesiaɖe. Etoa anyigbamamã nuŋlɔɖigbalẽ me zi ɖeka le ƒe me hedia aƒe siwo me wogblɔ na mí be míagade o la ƒe adrɛswo, eye wòdea wo asi na nɔvi siwo dze be woawɔ dɔ le aƒe mawo me.
3 Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe dɔe wònye be wòakpɔ gbeƒãɖeɖemɔnu vovovoawo, si me ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo, ablɔdziɖaseɖiɖi, kple telefon dzi ɖaseɖiɖi hã le la dzi. Enɔa ŋudzɔ ɖe ɖoɖo siwo sɔ na kpekpe hena gbeadziyiyi le kwasiɖaa me, si me azãgbewo hã le la wɔwɔ ŋu. Etsɔa ɖe le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me vevie. Edia mɔ siwo dzi wòato ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu amesiwo medea gbeadzi ɣleti sia ɣleti o alo amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Etsɔa ɖe le gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dɔ me vevie, eye eya kee kpɔa Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ƒe ɖoɖoa dzi.
4 Esi subɔsubɔdɔdzikpɔla nye Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ ta la, eɖoa aɖaŋu le tɔtrɔ siwo ahiã le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo me la ƒe ɖoɖo wɔwɔ ŋu. Ne eva miaƒe ƒuƒoƒoa srã ge kpɔ la, kpɔ egbɔ be yede kpekpea eye nàde gbeadzi kplii.
5 Ele be hamea me tɔwo katã nalɔ̃ faa atsɔ subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe mɔfiafiawo ade dɔwɔna me. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míabi ɖe edzi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me eye wòana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le míaƒe subɔsubɔdɔa me.