Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana True Peace and Security—How Can You Find It? alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. February: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. Na Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nenɔ asiwò eye dze agbagba nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
◼ Woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo katã ava January 4 kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea kple “Identity Card” wo viwo.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Ðe Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔea?”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Yawoɖa, April 1, ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be woate ŋu adze nuƒoa gɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo atsae o negbe le ɣeɖoto megbe hafi. Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu adi teƒe bubu azã fiẽ ma. Afisiwo wòanya wɔ le la, míado susua ɖa be aɖabaƒoƒo 30 natso wɔnaawo dome si awɔe be míado gbe na amedzrowo, ade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ahakpɔ viɖe bliboe tso wɔnaa me. Le afisi wòahiã le la, ele be miabu afisi ʋuwo ato kple afisi woada wo ɖo ƒe kuxiwo hã ŋu, tsɔ kpe ɖe esiwo ava ɖi amewo agava tsɔ wo dzoe la ŋuti. Hamemegãwo ƒe ha la nakpɔ egbɔ woawɔ ɖoɖo siwo asɔ wu le mia gbɔ.
◼ Woaƒo ƒe 1999 Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, April 18 lia, dzi. Eƒe tanyae nye “Mawu Kple Ame Havi Dome Xɔlɔ̃wɔwɔ Vavãtɔ.” Míaɖo nuƒogbalẽa ɖe mi. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo awɔ nutome sue takpekpe kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒoa le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 18, 1999, o.