INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/99 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 2/99 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le February me: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛ adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme. April Kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔxɔxɔ. Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza nenɔ mía ŋu na ɖetsɔlemetɔwo, eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kpli wo.

◼ Tso March 22, 1999, ƒe kwasiɖaa me la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo. Eŋuti ɖoɖowɔɖi bliboa le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata sia me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi eye nàdee wò agbalẽa me wòanɔ asitsɔƒe ne èdi be yeakpɔ ɖoɖowɔɖia. Wona alesi míasrɔ̃ agbalẽa ƒe ŋgɔdonyae ŋuti mɔfiamewo le October 1992 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe nyati si nye “Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la Sɔsrɔ̃” ƒe memamã 5 lia me le axa 1.

◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nato gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne wo dometɔ aɖewo mete ŋu le woƒe gaƒoƒo nudidia gbɔ ɖom o la, hamemegãawo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Ne miedi aɖaŋuɖoɖowo la, midzro Habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe S-201 lɛta siwo woŋlɔna le November 1 dzi me. Mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-20 hã.

◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, kple May me la nawɔ woƒe ɖoɖoa fifia eye woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽvia ana kaba do ŋgɔ. Esia akpe ɖe hamemegawo ŋu be woawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋuti ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi. Ele be woaɖe gbeƒã amesiwo katã dzi woda asi ɖo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa na hamea.

◼ Gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo wɔ ɖoɖo be yewoawɔ dɔ le anyigbamamã si womede ame aɖeke si o me le ɣleti siwo gbɔna me nawɔ ɖoɖo be yewoana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze-gbalẽa le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Míate ŋu azã agbalẽ xoxo bubuwo hã.

◼ Tso January-March 1999 me la, woata Nyɔ! ɖe Solomon Islands Pidgingbe me ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe.

◼ Ɣleti sia ɣleti ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo anɔ Umbundugbe me tso January 1, 1999, dzi.

◼ Ɣleti afã sia ɣleti afã ƒe Nyɔ! ƒe tatawo anɔ Latviangbe me tso January 8, 1999, ƒe tata dzi.

◼ Ɣleti afã sia ɣleti afã ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo anɔ Urdugbe me tso January 15, 1999, ƒe tata dzi.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gali:

Nukae Mawu Di Tso Mía Si?​—Dangme

Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexe Yeye Me (Tract No. 15)​—Dangme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe