Ne Nutome Sue Dzikpɔla Va Srã Mi Kpɔ
Taflatse nɔviwo nade dzesi tɔtrɔ siwo gbɔna siwo míewɔ le alesi míewɔa Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣi le Braɖagbe fiẽ ŋu. Le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ aʋu kpekpea nui megbe la, woawɔ gaƒoƒo afã ƒe suku si me woatsɔ aɖabaƒoƒo ewo aƒo nufiamenuƒo si me womabia nya le o, Biblia me dzodzro, Biblia xexlẽ, kple sukuvi ƒe dɔdasi ɖeka bubu. Hadzidzi manɔmee la, gaƒoƒo afã ƒe Subɔsubɔkpekpe si ŋu woate ŋu atrɔ asi le wòanye akpa etɔ̃ si dometɔ ɖesiaɖe axɔ aɖabaƒoƒo 10 alo akpa eve si dometɔ ɖesiaɖe axɔ aɖabaƒoƒo 15 la akplɔe ɖo, eye woaɖe gbeƒãɖeɖewo si wotsɔ dzea egɔmee le eme. Le hadzidzi megbe la, gaƒoƒo afã ƒe nuƒo si nutome sue dzikpɔlaa aƒo akplɔe ɖo, eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu enui. Ðoɖowɔɖi bliboa axɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã hadzidzi kple gbedodoɖa mekpe ɖe eŋu o. Ðoɖo sia ana mɔnukpɔkpɔ nasu nutome sue dzikpɔlaa si wòalé ŋku ɖe alesi wowɔa kpekpe eveawoe le hamea me ŋu.