Ðe Nèle Dɔa Wɔm Kple Taɖodzinu Aɖea?
1 Yehowa nye tameɖoɖo ƒe Mawu. (Yes. 55:10, 11) Wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃e. (Ef. 5:1) Le nyateƒe me la, ele be esia nadze le alesi míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔae me. Eyata esɔ be míabia be: “Ðe nèle dɔa wɔm kple taɖodzinu aɖea?”
2 Wò gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, vomeɖaseɖiɖi, kple agbalẽwo mama katã nye subɔsubɔdɔ si ŋu taɖodzinu le ƒe akpa aɖe. Gake ɖo ŋku edzi be menye gbeƒãɖeɖe koe míaƒe dɔdasia bia o, ebia be míawɔ nusrɔ̃lawo hã. (Mat. 28:19, 20) Ne míeƒã Fiaɖuƒea ƒe nyateƒenukuwo vɔ la, ele be míatrɔ ayi ade tsi wo ahanɔ be lém na wo eye míakpɔ Yehowa sinu be wòana woatse ku. (Kor. I, 3:6) Ele be míatsi dzi ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu.
3 Keke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu: Enyea dzidzɔ ɣesiaɣi ne àte ŋu atrɔ akpɔ nusi nèwɔ le subɔsubɔdɔa me agblɔ na ɖokuiwò be: “Mete ŋu wɔ nusi meɖo be mawɔ.” Abe alesi woŋlɔe ɖe Timoteo II, 4:5 ene la, Paulo de dzi ƒo be: ‘Wu wò subɔsubɔdɔa nu bliboe.’ Ema bia be nàdzi wò agbagbadzedze be yeatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ la ɖe edzi. Le wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe subɔsubɔ ɖoɖowɔɖiwo me la, wɔ ɖoɖo koŋ ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu. Dze agbagba be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo aɖee afia be yewolɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Ele be esia nanye wò taɖodzinu ne èle gbeadzi.
4 Bia gbeƒaɖelawo alesi wose le wo ɖokui me esi wokpɔ woƒe Biblia nusrɔ̃viwo xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe aɖe me. Wokpɔ dzidzɔ, ɖewohĩ wokpɔ dzidzɔ abe amesiwo xɔ nyɔnyrɔ la ke ene. Woɖo taɖodzinu vevi aɖe gbɔ! Nusrɔ̃lawɔla aɖe gblɔe ale: “Nusrɔ̃lawo wɔwɔ fia be ame geɖe ava nye Yehowa kafulawo. Anye agbe na amesiwo xɔ nyateƒea. Nyateƒea fiafia amewo vivia nunye ale gbegbe—enyo ŋutɔ! . . . Amesiwo va lɔ̃ Yehowa dometɔ geɖe va zu xɔ̃nye veviwo.”
5 Bu alesi wòanɔ ne ète ŋu kpe ɖe ame aɖe ŋu wòva zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe ŋu kpɔ! Dzidzɔnya ka gbegbee nye esi wòanye! Kutsetse ma vana ne míewɔ dɔa kple susu be míaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ le subɔsubɔdɔa me.—Kol. 4:17.