INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 3-4
  • Mizã Míaƒe Agbalẽwo Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizã Míaƒe Agbalẽwo Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 3-4

Mizã Míaƒe Agbalẽwo Nyuie

1 Ðoɖowɔwɔ ɖe míaƒe agbalẽwo zazã ŋu le ƒuƒoƒo me dze egɔme tso July 1, 1879, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ magazine ƒe tata dzi, esime woma ɖekaɖeka 6,000 na amewo. Tso ɣemaɣi dzi la, wota agbalẽ vovovo gbogbo aɖewo eye woma wo le agbɔsɔsɔ gã me.

2 Nudzɔdzɔ Faa ƒe Ðoɖoa: Tso December 1999 me la, míele míaƒe magazinewo kple agbalẽwo nam gbeƒãɖelawo kple egodotɔ siwo nye ɖetsɔlemetɔwo be woana nudzɔdzɔ si tso woƒe dzi me faa ɖe wo ta, si fia be míayɔ ga home aɖeke na wo be woaxe hafi axɔ wo alo agblɔ nya aɖe si fia be ele be woaxe ga home aɖe kokoko hafi o. Ne míena agbalẽ amewo la, míaxɔ nudzɔdzɔ siwo nye woƒe lɔlɔ̃nu faa nunana atsɔ akpe asi ɖe xexeame katã ƒe nyanyui gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele ŋu. Xɔse le mía si be Yehowa ayra ɖe ɖoɖo sia dzi.—Tsɔe sɔ kple Mateo 6:33.

3 Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ le Gbeadzi: Míayi edzi azã Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ɖaŋuɖoɖowo atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔlemee. Mehiã be míana agbalẽ le afisi womeɖe ɖetsɔleme fia le o. Míedi be míagblẽ míaƒe agbalẽ aɖeke dome atsɔ wo ana amesiwo meɖe ɖetsɔleme fia o. Gake le afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le eye aƒemenɔlaa lɔ̃ be yeaxlẽ agbalẽa la, míate ŋu anae. Míedi be míazã míaƒe agbalẽwo nyuie.

4 Nya siwo nàte ŋu agblɔ ne èɖe agbalẽa fia dometɔ aɖewoe nye esi: “Ne adzɔ dzi na wò be yeaxlẽ agbalẽ sia la, adzɔ dzi nam be matsɔe na wò.” Ðewohĩ aƒemenɔlaa abia be: “Nenie?” Àte ŋu aɖo eŋu be: “Menye asi tsam míele o. Menye ɖe míele agbalẽ sia dzram o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe tsɔ wo ɖokui na le dɔ si wɔm míele le miaƒe nutoa me egbea la wɔm le dukɔ 233 me le xexeame katã be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋu ne woasrɔ̃ nu tso mɔ si dzi woato akpɔ agbe mavɔ ŋu. Ne èdi be yeadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe dɔ sia ŋu la, malɔ̃ faa axɔe.”

5 Ne èle magazine nam la, àte ŋu abia nya tso emenya aɖe ŋu eye nàgblɔ be: “Madi be nàkpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le nyati sia me. Ne èdi be yeaxlẽ magazine sia la, adzɔ dzi nam be matsɔe na wò.” Ne elɔ̃ xɔe la, àte ŋu agblɔ be: “Edzɔ dzi nam be mete ŋu tsɔ nyatakaka sia vɛ na wò. Mexɔe se be àsrɔ̃ nu geɖe le nyati sia me. Madi be matrɔ ava le kwasiɖa si gbɔna me be mase nusi nye wò nukpɔsusu le nya sia ŋu. Àde dzesii be wotaa Gbetakpɔxɔ ɖe gbegbɔgblɔ 132 me eye womaa eƒe tata siwo wu 22,000,000 le xexeame katã. [Ne Nyɔ! ye la, wotaa xexlẽme si wu 19,000,000 ɖe gbegbɔgblɔ 83 me.] Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ kpea asi ɖe dɔ sia ŋui. Ne wò hã èdi be yeadzɔ nu sue aɖe atsɔ akpe asi ɖe hehenadɔ sia ŋu la, adzɔ dzi na mí be míaxɔe.”

6 Ɣeaɖewoɣi la, nuƒoƒo tso nudzɔdzɔ hena míaƒe xexeame katã ƒe dɔa wɔwɔ ŋu ate ŋu anye nu sesẽ. Le kpɔɖeŋu me, aƒemenɔla si nye ɖetsɔlemetɔ ate ŋu abia be: “Ðe nètsɔe le nye nama?” Míate ŋu aɖo eŋu be: “Ne èdi be yeaxlẽ agbalẽa eye nèdi be nezu ye tɔ la, ke àte ŋu axɔe. Madi be mava gbɔwò le kwasiɖa si gbɔna me be míaƒo nu tso nusi me míedzro la ŋu eye be maƒo nu tso míaƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu nya bubuwo ŋuti na wò.” Ne ètrɔ yi la, àte ŋu aɖe alesi míewɔna kpɔa ga tsɔ wɔa míaƒe dɔa me nɛ.

7 Alo aƒemenɔla la ate ŋu axɔ agbalẽa enumake eye wòagblɔ be “Akpe.” Àte ŋu aɖo eŋu nɛ be: “Mesu akpe o. Meka ɖe edzi be exexlẽ ado dzidzɔ na wò. Ame geɖe biana be afikae míekpɔa ga tsonɛ tsɔ wɔa dɔ siae hã, elabena míele ewɔm le xexeame katã. Ame geɖe siwo xɔa míaƒe agbalẽwo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nusiwo woasrɔ̃ tso eme ŋu eye wonaa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ aɖe be woate ŋu agata agbalẽ bubuwo. Ne amewo na nudzɔdzɔ ɖe eta la, edzɔa dzi na mí be míaxɔe.”

8 Woɖe Ðetsɔleme Vavãtɔ Fiaa?: Edze ƒã be menye míaƒe taɖodzinue nye be míanɔ agbalẽawo mam dzro ko o. Míedi be agbalẽawo naɖo woƒe taɖodzinu gbɔ, si nye be woakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋu. Anye nudomegbegblẽ be míatsɔ agbalẽawo ana amesiwo mekpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. (Heb. 12:16) Agbalẽmama si atse ku nyui anɔ te ɖe alesi nàte ŋu ade dzesi amesiwo nye ɖetsɔlemetɔ vavãwo dzi. Aleke woate ŋu aɖe ɖetsɔleme sia afiae? Lɔlɔ̃ tufafatɔe be yeaɖo dze kpli wò nye dzesiawo dometɔ ɖeka. Alo toɖoɖo nyuie ne èle nu ƒom, nyabiabiawo ŋuɖoɖo, kple amea ƒe susu gbɔgblɔ le nya la ŋu ɖee fia be etsɔ ɖe le dzeɖoɖoa me. Nuƒoƒo na wò bubutɔe le xɔlɔ̃wɔwɔ mɔnu ɖee fia be ame fafae amea nye. Ne èle Biblia xlẽm wòxlẽnɛ kplɔa wò ɖo la, efia be edea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu. Zi geɖe la, anyo be nàbia wo be woaxlẽ agbalẽ si nam nèle wo hã. Àte ŋu agblɔ na wo hã be yeatrɔ ava ne miayi dzeɖoɖoa dzi. Ne wolɔ̃ la, eya hã fia be wotsɔ ɖe le eme. Ne ède dzesi nusiwo fia be amea tsɔ ɖe le eme anukwaretɔe la, anɔ eme be azã agbalẽ si wòxɔ la nyuie.

9 Ehiã be gbeƒãɖela la nalé ŋku ɖe nu ŋu nyuie be wòanya ne amea dze ke menye be yeana agbalẽ femaxee ko o. (Mat. 10:11) Le agbalẽnana ƒe ɖoɖo si ŋu wotrɔ asi le wòle bɔbɔe me la, agbalẽxɔxɔ manɔ te ɖe ga home aɖe koŋ ƒe amesinɔnɔ be woaƒlee dzi o, ke boŋ anɔ te ɖe amea ƒe ɖetsɔtsɔ le gbedasia me alo ɖekematsɔmatsɔ le eme dzi.

10 Agba si Le Mía Dometɔ Ðesiaɖe Dzi: Míekpɔ ŋudzedzedze ɖe nusiwo mía nɔviwo kple ɖetsɔlemetɔwo dzɔ be woatsɔ akpe asi ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋu la ŋuti ale gbegbe. Eyata enye gbeƒãɖela ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be wòatsɔ agbalẽkotoku alo envelope si wòde dzesii hena nudzɔdzɔ siwo egodotɔwo nana la ɖe asi. Ke le kpekpe si kplɔe ɖo me la, atsɔ nudzɔdzɔawo katã ade Fiaɖuƒe Akpata me nudzɔɖaka si wode dzesii hena Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa wɔwɔ la me anukwareɖiɖitɔe. Mesɔ be gbeƒãɖela alo mɔɖela aɖe nazã gadzɔdzɔ sia na nu bubuwo wɔwɔ o. Nudzɔdzɔ sia menye ga home si gbeƒãɖelaa na esime wòxɔ agbalẽa le Fiaɖuƒe Akpata me ƒe teƒeɖoɖo o. Enye amesi míedo goe le gbeadzi ƒe nudzɔdzɔ si dzi wòka ɖo bliboe be woazãe atsɔ akeke Yehowa ƒe amewo ƒe dɔ si wɔm wole le xexeame katã ɖe enu. Míaƒe didi vevie be míaɖi anukware le nya sia me anye kafukafu na mía Fofo Yehowa.—Kor. I, 10:31; Heb. 13:18.

11 Asitɔtrɔ sia si míewɔ le alesi míewɔa míaƒe dɔae ŋu ganye ɖaseɖiɖi bubu be menye amesiwo ‘tsɔa Mawu ƒe nya la tsaa asii’ ye míenye o. (Kor. II, 2:17) Egaɖo kpe edzi hã be míeto vovo tso xexeame gbɔ.—Yoh. 17:14.

12 Esi Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ le aƒe tum la, nyaƒoɖeamenu siwo nu sẽ le fu ɖem na subɔsubɔhawo katã. Nusi ŋu míetsi dzi ɖo vevie ye nye be naneke meganye mɔxenu le mɔ me na xexeame katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ vevi la o, bene wòanye agbexɔxɔ na ame bubu geɖewo.—Mat. 24:14; Rom. 10:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe