Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. April Kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana. Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nanɔ mia ŋu be miatsɔ wo ana ɖetsɔlemetɔwo, eye midze agbagba miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoazu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le April kple May me nawɔ ɖoɖo fifia atsɔ dɔbiagbalẽvi ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu woawɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi. Ele be woayɔ amesiwo katã dzi woda asi ɖo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔ na hamea.
◼ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi bliboa le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata sia me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi ade wò agbalẽa me wòanɔ asitsɔƒe ale be nàte ŋu akpɔe kaba.
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le March 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔe vɔ la, miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea le gakɔntabubu si miagaxlẽ la megbe.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Kuɖa, April 19, 2000 dzi. Ne miaƒe hamea dea kpekpe le Kuɖagbe la, ke mida kpekpea ɖe ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me, ne hame aɖeke mazã Fiaɖuƒe Akpata la gbemagbe o. Ne esia medze edzi o eye miete ŋu wɔ Subɔsubɔ Kpekpea o la, ekema miate ŋu atsɔ nyati siwo sɔ na miaƒe hamea akpe ɖe Subɔsubɔ Kpekpe bubu si miava wɔ ŋu.
◼ Habɔbɔa mekpea agbalẽviwo ɖo na gbeƒãɖela ɖekaɖekawo ɖe agbalẽ siwo wòadɔ nu o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒãe ɣleti ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi woatsɔ ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽnudɔdɔ si hamea wɔna la aɖo ɖe Habɔbɔa ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ na woa ŋutɔwo ƒe zazã la nagblɔe na agbalẽdzikpɔla. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo tɔxɛ le nenɔ susu me na mi.