Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le April kple May me: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nenɔ mia ŋu be miatsɔ wo ana ɖetsɔlemetɔwo, eye midze agbagba miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu. July kple August: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War?
◼ Tso September me la, woatsɔ ƒe 2000 nutome gã takpekpe ƒe Eŋlisigbe me akɔtagbalẽviwo akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu godoo. Eyata mehiã be miadɔe o. Míanɔ te ɖe hamewo me gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi axlẽe ɖe 25 hatsotsowo nu aɖo ɖe mi. Ne hamewo gahiã akɔtagbalẽvi bubuwo kpee la, ke woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Ehiã be miadɔ akɔtagbalẽvia ƒe aŋekotokuwo na hamea me tɔ siwo hiã nɛ.
◼ EŊLISIGBE me Gbetakpɔxɔ ƒe babla siwo gbɔna la le Habɔbɔa si, tso ƒe 1951 vaseɖe 1979, 1982 vaseɖe 1988, 1991, 1992, 1996, kple 1997, eye Nyɔ! ƒe babla siwo gbɔna hã li, 1982 vaseɖe 1988, 1991, kple 1996. Gbeƒãɖela alo hame yeye ɖesiaɖe si hiã agbalẽ siawo fifia la ate ŋu adɔ wo to hamea ƒe agbalẽdzikpɔla dzi.
◼ Ame 166,358 ye de “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le dukɔa me godoo eye ame 3,119 ye xɔ nyɔnyrɔ. Tokunɔ siwo ade ame 40 ye kpɔ gome le tokunɔwo ƒe takpekpe si wowɔ le Takoradi ƒe ɖoɖowɔɖia me bliboe, eye ame ɖeka xɔ nyɔnyrɔ le wo dome.
◼ Wowɔ Watchtower Library—1999 Edition si le CD-ROM dzi azɔ. Taflatse nenɔ susu me na mi be esia menye nusi woama na ame hahoowo, na sukuwo ƒe agbalẽdzraɖoƒewo, alo na amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu dzro ko o. Watchtower Library—1999 nye nusi wowɔ na amesiwo le hamea me ko eye hamea dzi koe woate ŋu ato adɔe.
◼ Agbalẽ Yeye si Li:
Yesu Kristo—Amekae Wònye? (Trakt 24 lia)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛ̃gbe, Twigbe
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu—Eʋegbe
Questions Young People Ask—Answers That Work—Eŋlisigbe