INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le May me: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nenɔ mia ŋu be miatsɔ wo ana amesiwo aɖe ɖetsɔleme afia, eye midze agbagba miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu. July kple August: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War?

◼ Ele be dzikpɔla zimenɔla naƒo ka na Shipping Department le Betel ne woƒe asi meka Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si woɖo ɖe hamea le ɣleti si do ŋgɔ na esɔsrɔ̃ ƒe ŋkeke 25 lia dzi o.

◼ Ŋkuɖodzinya: Ele be gbeƒãɖelawo katã naxɔ magazine siwo wohiã la tso woƒe hamea gbɔ. Esia fia be gbeƒãɖelawo mawɔ woa ŋutɔwo ƒe nudɔdɔwo o.

◼ Míekpɔe be ehiã be míaɖo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo katã be mele be ame aɖeke nazã Habɔbɔa ƒe adrɛs atsɔ aŋlɔ eya ŋutɔ ƒe lɛtawo gbeɖe o. Esia ƒe ɖewo nye adrɛs si mieŋlɔ ɖe lɛta ƒomevi ɖesiaɖe kple agbalẽ siwo mieŋlɔ be miatsɔ aɖi ɖase na ɖetsɔlemetɔwo dzi, adrɛs si miegblẽ ɖi na amesiwo miedo go le aƒeme o, alo esiwo mietsɔ ɖia ɖase le saɖaganutowo me. Ne èŋlɔ lɛta tsɔ le gbeƒã ɖem la, zã wò adrɛs loo alo Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ tɔ. Taflatse mègazã Habɔbɔa ƒe adrɛs o.

◼ Wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woana gaƒoƒo enumake ne dzinua wu enu. Agbalẽŋlɔla la nakpɔ egbɔ be yeɖo akɔntabubuawo ɖa hafi dzinu ɖesiaɖe ƒe ŋkeke 6 lia nava yi.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:

Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo—Eŋlisigbe

Nukae Mawu Di tso Mía Si?—Eʋegbe

Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me (Trakt 15 lia)—Fransegbe

◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:

Asixɔxɔ Dede Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu la Ŋu—Eŋlisigbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe