Kafu ‘Nunana Nyuiwo Katã’ ƒe Mawu la Ɣesiaɣi
1 Anyigba ƒe teƒe dzeaniwo, ɣe ƒe amigogbagba dzeaniwo, ɣletiviwo ƒe keklẽ le zã me, xewo ƒe hadzidzi viviwo, agbe si míele fifia kple tafe ƒe ɖoɖoa—ɖe mele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nunana siawo ŋu nana míakafu Nunala la “gbesiagbe” oa? (Ps. 145:2; Yak. 1:17) Nyateƒee, Yehowa dze na kafukafu ɖe nusiawo katã ta. Gake enye ŋkubiãnya be mía dometɔ aɖewo mekpɔa gome le kafukafu sia tsɔtsɔna me edziedzi o.
2 Nuka gbɔe wòatso be mía dometɔ aɖe nana ɣleti blibo nava yi eye makafu Yehowa o? Ame aɖewo dze dɔ vevie, eye ame bubuwo he gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖe megbe kple susu be yewoawɔe le ɣletia ƒe nuwuwu, gake nuɖiɖeamewo na womete ŋu wɔe o. Ame aɖewo meɖo ŋku edzi tsɔ woƒe akɔntabubu na hafi zɔ mɔ o. Ame bubuwo mete ŋu lé ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi hede kpekpeawo edziedzi o, eye esia na womegakpɔnɛ be ehiã be woawɔ nu kpata o. (Pet. II, 3:11, 12) Nuka gbɔe wòɖatso o, míedi be míaɖe kuxia ɖa.
3 Esime Mawu ƒe dukɔa nɔ agbagba dzem be yewoagbugbɔ aɖo Yerusalem ƒe gliwo le Nexemya ŋɔli la, futɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖo nugbe be yewoado kplamatse wo. Wogblɔ be: “Míawu wo ahana dɔ la nu natso.” (Nex. 4:1-5) Woɖe kpe na wo nyateƒe! Ðe Israel-viwo dzudzɔ xɔtudɔ si nu Yehowa di be woawu la? Kura o! Nuŋlɔɖia gblɔ be wotsɔ asi ɖeka nɔ dɔ wɔm, eye wotsɔ asi evelia lé yi ɖe asi be woatsɔ anyã futɔwo ɖa.—Nex. 4:11, 12.
4 Abe alesi wònɔ le Nexemya ŋɔli ene la, Satana le agbagba dzem egbea be ‘yeana dɔ’ si Yehowa na míele wɔwɔm ‘nu natso.’ Eƒe taɖodzinue nye be yeana míawɔ alɔgblɔdɔ ʋuu ava dzudzɔ mlɔeba. Ðe mía nɔvi aɖewo mele dagbadagbam le gakuxi sesẽwo me esi nuwo ƒe asixɔxɔ le dzi yim ɖaa oa? Ame bubuwo ƒe lãme gblẽ alo woƒe ƒometɔ aɖe ƒe lãme gblẽ vevie. De ŋugble le alesi vihehe va le sesẽm le ŋkeke siawo mee ŋu kpɔ. Eye nyaƒoɖeamenu siwo míaƒe hamemegã aɖewo doa goe, gake wogale agbanɔamedzi kple kuxi geɖe gbɔ kpɔm le hameawo me la na míeɖoa ŋku nusi dze ŋgɔ ŋutsu sesẽ siwo nɔ anyi le Nexemya ŋɔli, amesiwo nyea ‘dzɔlawo le zã me, eye wogawɔa dɔ le ŋkeke me’ la dzi. (Nex. 4:16) Eyata biabia lae nye be: Ðe míana ta le nu nyui wɔwɔ mea?
5 Míaƒe ha bliboa ate ŋu aɖo eŋu ɖekae be AO! Aleke wò ɖeka nàɖo eŋui? Ne ènye amesi kuvia ɖo alo mègakpɔa gome le subɔsubɔdɔ si wɔm nèle na Mawu me edziedzi o la, ame bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu wò, gake dziwò koŋue agbaa le. Ehiã be mía nɔvi siwo nɔ anyi le Nexemya ŋɔli nawɔ Yehowa ƒe dɔ si nye gliɖoɖo aganɔ te ɖe futɔwo ƒe amedzidzedzewo nu. Nenema ke wòhiã be míayi Yehowa ƒe dɔ si nye gbeƒãɖeɖe dzii egbea, eye mele be míaɖe mɔ be nyaƒoɖeamenu geɖe siwo Satana hena vaa mía dzi nakplɔ mí atrae o.
6 Kpe Ðe Ðokuiwò Ŋu: Tu nɔnɔme nyui ɖo. Wɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe gbeadziyiɖoɖo si wowɔ ŋudɔ nyuie. Ðe ɖaseɖiɖi edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe gbeadziyiɖoɖo le asiwòa? Ðe nèzɔna ɖe ɖoɖoa dzia? Àse vivi na gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa ne èwɔe alea. Ele be lɔlɔ̃ si le mewò na ame bubuwo naʋã wò be nàkafu Yehowa ahaƒo nu tso eŋu na hawòviwo. Esia wɔwɔ adzi dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le asiwò ɖe nyateƒea ŋu ɖe edzi. Nuka kee nyaƒoɖeamenua nye o, mina míaɖoe kplikpaa abe alesi Paulo ɖoe ene esi wòŋlɔ be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—Gal. 6:9.
7 Ðikekemanɔmee la, ne gbeƒãɖela si medea gbeadzi edziedzi o ye nènye la, ke wɔƒe gã aɖe li wòle be nàwɔ hafi ame bubuwo hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu wò kuxia dzi. Ne àzɔ mɔ hafi dzinua nawu enu la, kpɔ egbɔ be yetsɔ yeƒe akɔntabubu na hafi adzo. Ne èle mɔ zɔm la, tsɔ trakt kple magazinewo ɖe asi eye nàzã wo atsɔ aɖi vomeɖasee. Dze agbagba nàde kpekpeawo eye nàkpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple nɔviwo le afisiafi si nèzɔ mɔ yi. Ðe nèdze dɔ alo tsi teƒe ɖeka le aƒemea. Na Biblia, traktwo, kple magazinewo nanɔ gbɔwò eye nàtsɔ ŋuɖɔɖo atrɔ dzeɖoɖoa ayi Fiaɖuƒea dzii. Tsɔ nusiwo katã nète ŋu wɔ le dzinua me ƒe akɔntabubu na kaba.
8 Ƒomea me Tɔwo—Mikpe Ðe Amesiwo Medea Gbeadzi Edziedzi O Ŋu: Ƒome ƒe tae nènyea? Ekema Mawu da agba ɖe dziwò be nàkpɔ egbɔ be wò ƒomea me tɔwo katã sẽŋu le gbɔgbɔ me eye wodea gbeadzi edziedzi. Ne nukpɔsusu nyui le amesiwo ƒe lãme gblẽ kple vidada siwo si vidzĩwo le si eye wodzra ɖo nyuie do ŋgɔ, eye ƒomea me tɔ bubuwo wɔ nu kpli wo aduadu la, woate ŋu aɖi vomeɖase na amesiwo va srãa wo kpɔ.—Ps. 113:1-3.
9 Ðe amesi le no nam vi alo amesi fu tsi ɖe ƒo na le wò ƒomea mea? Ke dɔnɔ, amesi ƒe lãme mesẽ o, kple amesiwo tsi teƒe ɖeka ya ɖe? Aleke ƒomea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe amesiawo kple ame bubu siwo le nɔnɔme sia tɔgbe me ŋu be woaƒo asa na akɔntamabumabu edziedzi? Alɔdzewo dzi kpɔla aɖe gblɔ be esi woxɔ nɔvinyɔnu aɖe ɖe kɔdzi ƒe ɖeka kple afã le vidzidzi vɔ megbe la, ‘traktwo kple magazinewo nɔa eŋu ɣesiaɣi. Eɖoe be yeatsɔ wo ana xɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo va srãa ye kpɔ be yewoado gbe na ye. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ɖi vomeɖase, enyea aɖabaƒoƒo atɔ̃ ɣeaɖewoɣi eye ekpɔa egbɔ be yeŋlɔ esiawo katã ɖi. Le dzinu aɖe me la, ewɔ nuku nɛ be yebu gaƒoƒo 20 ƒe akɔnta eye yena trakt geɖe.’ Mawu kafukafu ɣesiaɣi ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si!
10 Ðe viwò le dzadzram ɖo ɖe sukuƒeme yiyi ŋua? Ðoɖo kawo wɔm nèle be yeaɖo eƒe Hamea me Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvi ɖe hame yeye si me yim wòle? Dzilawo, ɖe miesrãa mia viwo kpɔ le suku edziedzi akpɔ be wodea gbeadzi kple hame si me woyia? Ðe miena nyanya hamemegã siwo le afima be yewo viwo va suku si le wo gbɔ mea? Esia le vevie ŋutɔ. Le dodokpɔ siwo doa ame ƒe xɔse kpɔna siwo Kristotɔ vavãwo katã dzea ŋgɔe egbea ta la, asɔ be míadzro mía ɖokui me akpɔ be ne ‘Amegbetɔvi la ava be yealé ŋku ɖe nuwo ŋu la, ɖe wòakpɔ mí be míele akɔnta bum ɣesiaɣi nuteƒewɔwɔtɔe dzinu sia dzinua?’ (Luka 18:8b) Ƒomenusɔsrɔ̃ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi, kpekpeawo dede, kpakple gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo nyui wɔwɔ nye nu vevi siwo awɔe be wò ƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye nanyo ɖe edzi.
11 Nusi Hamea Ate Ŋu Awɔ: Nyatakaka si tso hame aɖe gbɔ ɖee fia be le ƒe si va yi ƒe August me la, hamea me tɔ ɖesiaɖe dze agbagba be yeana hamea nabu gbeadziyiyi si tsiã ɖe enu ƒe akɔnta. Nusi ɖe dzesi le woƒe nyatakakaa ŋue nye kpekpeɖeŋu si wona dɔnɔ siwo le wo dome. Gbesiagbe mɔɖelawo dometɔ aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoawɔ yewoƒe Biblia-nusɔsrɔ̃wo le aƒe si me gbeƒãɖela si nye dɔnɔ le. Ðoɖo sia na nɔviŋutsu dɔnɔa gɔ̃ hã te ŋu bu akɔnta ɣleti sia ɣleti.
12 Aleke nàtsɔ aɖaŋuɖoɖo si míegblɔ va yi awɔ dɔe le miaƒe hamea me? Ðe nènya ame aɖe si le nɔnɔme ma tɔgbe me si ŋu nàte ŋu akpe ɖo hena ɣleti aɖewo vaseɖe esime eƒe lãme nasẽ be wòayi gbeadzi kpli mia? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nègakpɔ nɔvinyɔnu alo nɔviŋutsu aɖe le hamea ƒe kpekpewo me kpɔ? Nukata màdze agbagba be mia kple gbeƒãɖela bubu miava srãe kpɔ o? Ðewohĩ edze dɔ eye mete ŋu de gbeadzi le ɣleti aɖewo me o xoxo. Ne gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa tsɔ ɖe le eme na ame bubuwo le nya sia me la, emetsonua ate ŋu anye dzidzɔ kple yayra na mí katã.—Dɔw. 20:35.
13 Nusi Hamemegãwo Ate Ŋu Awɔ: Ne hamemegãwo dze agbagba be yewoanya nɔnɔme si me hamea me tɔwo katã le kple woƒe nuhiahiãwo la, wote ŋu naa kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe. (Lod. 27:23) Le hamemegãwo ƒe kpekpewo me la, ele be woade dzesi gbeƒãɖela ɖesiaɖe si megate ŋu dea gbeadzi edziedzi o eye woabu amesi ate ŋu akpe ɖe wo ŋu kple alesi woawɔe ŋu. Woate ŋu aƒo nu tso kuxia ŋu ne wole nusi anye woƒe nuhiahiãwo ŋu bum na Subɔsubɔ Kpekpea. Ele be woaɖo ŋku edzi na hamea edziedzi be nɔviwo natsɔ woƒe gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ana.
14 Agbalẽŋlɔla nade dzesi amesiwo ƒe gbeadzikɔntabubu metsiã ɖe enu o ne wòle akɔntabubuawo ŋlɔm ɖe Hamea me Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽviwo dzi. Ɣleti ɖesiaɖe la, netsɔ amesiwo mebu gbeadzisubɔsubɔkɔnta o ƒe ŋkɔwo na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo ale be woate ŋu anya nusi le mɔ xem na wo kple alesi woakpe ɖe wo ŋui. Ne nusɔsrɔ̃dzikpɔla la nya amea ƒe nɔnɔmewo vɔ la, newɔ ɖoɖo be eya ŋutɔ nayi gbeadzi kplii alo wòana gbeƒãɖela bibi bubu alo mɔɖela nayi kplii. Mɔ nyuitɔe nye be woana kpekpeɖeŋua le ɣletia me, menye le eƒe nuwuwu o.
15 Akpa vevi aɖe li agbalẽŋlɔla nawɔ le mɔxexe ɖe akɔntamabumabu edziedzi nu. Wokpɔ mɔ be aɖo amesiwo ʋu yi hame bubu me ƒe Hamea me Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvi ɖa kaba. Ewɔ nublanui be míagblɔ be le teƒe aɖewo la, hame yeyea ŋlɔa lɛta zi gbɔ zi geɖe hafi woɖoa agbalẽvia ɖa. Nyatakakawo fia be agbalẽŋlɔla aɖewo meléa be na gbeadzisubɔsubɔkɔnta si gbeƒãɖelawo tsɔ na o. Akɔntabugbalẽviawo buna loo alo wogblẽnɛ ɖe aɖaka si me wodee le Fiaɖuƒe Akpataa me vaseɖe ŋkeke bubu si woagava kpekpe. Mele be wòanɔ alea o. Mele be wòagblẽ gbeadzisubɔsubɔkɔnta ɖi ƒomea me tɔ bubuwo nakpɔ o. Wonye nuŋlɔɖi ɣaɣla siwo mele be agbalẽŋlɔla nana srɔ̃a alo ƒomea me tɔ bubuwo nakpɔ o dometɔ aɖe.
16 Dzikpɔla zimenɔla nalé ŋku ɖe nu ŋu akpɔ be agbalẽŋlɔla la tsɔ amesiwo mebua akɔnta edziedzi o ƒe ŋkɔwo na agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo. Ðewohĩ gbeƒãɖela aɖewo ŋlɔ be be yewoatsɔ akɔntabubua ana. Ame bubuwo abu be dɔ si yewowɔ la mesɔ gbɔ o. Ele be woaɖo ŋku edzi na wo be gaƒoƒo blibo ɖesiaɖe si wozã le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me menye nu sue o. (Tsɔe sɔ kple Luka 21:1-4.) Ne dzikpɔla zimenɔla léa ŋku ɖe agbalẽŋlɔla la ƒe dɔ ŋu le go sia me la, ate ŋu axe mɔ ɖe gbeadzimayimayi edziedzi nu.
17 Ne subɔsubɔdɔdzikpɔla le nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒoawo srãm kpɔ la, ate ŋu awɔ ɖoɖo kple nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla la be woasrã amesiwo mebua akɔnta edziedzi o kpɔ. Esia ana be nɔviŋutsu bibi eveawo nate ŋu aɖo aɖaŋu na amesiawo akpe ɖe wo ŋu be woase Kristo ƒe se si wòde be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo edziedzi la gɔme ahawɔ ɖe edzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔla la natsɔ ɖe le eme na amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe kple amesiwo medea gbeadzi edziedzi o.
18 Ne dzikpɔlawo na woƒe susu le alesi woa ŋutɔwo woana kpekpeɖeŋu amewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu la, ana míaɖu gbeadzimayimayi edziedzi ƒe kuxia dzi. Ahiã be woaxɔ ŋgɔ le hahoo ɖaseɖiɖi me. Ne dzikpɔlawo dea ha kple gbeƒãɖelawo edziedzi alea la, woate ŋu ade dzesi amesiwo gbɔdzɔ ƒe kuxiwo ahana kpekpeɖeŋu wo be womava zu amesiwo medea gbeadzi edziedzi o. Aɖe vi le go sia me be woate gbe ɖe Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu kple gbeadziyiyi ƒe zɔhɛ ƒe ɖoɖoa dzi. Woate ŋu abia tso gbeƒãɖela bibiwo kple mɔɖelawo si be woakpe ɖe amesiwo gbɔdzɔ ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Hafi ɣletia ƒe nuwuwu naɖo la, hamemegãwo kple ame bubu siwo nye agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo ate ŋu aɖo ŋku edzi na nɔviwo be woabu gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔnta kaba. Agbalẽŋlɔla nato akɔntabubu siwo wòxɔ me kaba eye wòate ɖe amesiwo mebu akɔnta o ŋu—ɖewohĩ ame aɖewo ŋlɔ be be yewoabu akɔnta togbɔ be wokpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hã.
19 Agbagbadzedze Hiã Fifi Laa! Manya wɔ be míayi edzi anɔ Yehowa kafum ɖe eƒe nyuiwɔwɔ kple amenuveve ta ne míewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa edziedzi o. Mí katã míekpɔe dze sii ƒã be agba gã aɖe le mía dzi be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia. Nusiae wɔa mí Yehowa ƒe Ðasefowo. (Yes. 43:10) Esi wònye dɔ si me viɖe le si hiã kpata wu ɖesiaɖe si wɔm wole egbea ta la, masɔ kura be míabui be míate ŋu anɔ edam ɖe eme faa o. Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mina míato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.”—Heb. 13:15.
20 Ate ŋu anye be mète ŋu kpɔa gome le nyanyuia gbɔgblɔ me abe alesi mɔɖelawo wɔnɛ ene ya o. Gake ne èwɔa nusiwo katã nàte ŋui kwasiɖa ɖesiaɖe la, ana wò subɔsubɔdɔ natse ku ɖe edzi eye zi nenemae wò dzidzɔ adzi ɖe edzii. Esime ame 70 siwo Yesu dɔ yi va wɔ subɔsubɔdɔa la, ‘wogbugbɔ va kple dzidzɔ’ va gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. (Luka 10:17) Ne èle nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã la, gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me—Yehowa kafukafu—edziedzi ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe.
21 Amesiwo wɔa woa ŋutɔwo ƒe dɔ ate ŋu aɖo ŋkeke aɖe ɖi na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ le kwasiɖaa me. Azɔ hã ame geɖe ate ŋu akpɔ ɣeyiɣi na tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ le fiẽsiwo me ne wowɔ asitɔtrɔ sue aɖewo. Ƒomea me tɔwo ate ŋu adzra ɖo awɔ alesi woaɖi ɖasee ƒe wɔwɔfia, eye woawɔ dɔ ɖekae le gbeadzi ɣeaɖewoɣi. (Lod. 27:17; Nyagb. 4:9, 10) Ehiã be srɔ̃ŋutsuwo nakpe ɖe wo srɔ̃ kple wo viwo ŋu woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi eye woabu akɔnta kaba ɣleti sia ɣleti.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 3:4, 12.
22 Ne ènye gbeƒãɖela si mete ŋu dea gbeadzi edziedzi o la, ke na kpekpeɖeŋu ɖokuiwò gbã hafi ame bubuwo nava kpe ɖe ŋuwò. Ƒomea me tɔwo, gbeƒãɖela siwo dea gbeadzi ɖaa kple mɔɖelawo, hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo, mina míatso kaba akpe ɖe amesiwo mete ŋu dea gbeadzi edziedzi o ŋu. Eyata neva eme be míayi edzi ada akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míaƒo nu tso eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋu ŋkeke kple zã ɖesiaɖe ta.—Ps. 118:17.