Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le November me: Míayi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama dzi. Hame siwo kpe woƒe anyigbamama ɖo hetsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ɖo aƒemenɔlawo gbɔ le aƒe ɖesiaɖe me ate ŋu ana Nusi awu Di ƒe agbalẽ gbadzaa alo Sidzedze-gbalẽa. Ne agbalẽ siawo le ameawo si xoxo la, míate ŋu ana Agbe Tegbee ƒe agbalẽa loo alo Creation-gbalẽa. December: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation. January: Axa 192-gbalẽ xoxo ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1986 si anɔ hamea si. Hame siwo si Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa le ate ŋu ana woawo hã. February: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, alo axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si le hamea si.
◼ Ne Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mama wu enu la, hame siwo si Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia gakpɔtɔ le ate ŋu ade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woana wo abe alesi míenaa trakt bubuwoe ene—le aƒeme yi aƒeme dɔa me kple teƒe bubuwo siaa. Ne maɖe fu o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu agblẽ ɖeka ɖe aƒe siwo me wometu amewo le o me, akpɔ egbɔ be wodee afisi amesiwo tso eme va yina makpɔe o. Ele be miadze agbagba ama gbedasi vevi sia ƒe mamlɛa katã.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo emegbe kpuie. Ne wowɔe vɔ la, woaɖe gbeƒãe na hamea le gakɔnta si woaxlẽ akplɔe ɖo me.
◼ Hamewo nadze 2001 Yearbook of Jehovah’s Witnesses dɔdɔ gɔme le woƒe November ƒe agbalẽ nudɔdɔa me. Yearbook la ado le Eŋlisigbe me. Vaseɖe esime Yearbook la nado eye wòava ka mia si la, míaŋlɔ “Pending” ɖe agbalẽvi si akpe ɖe nusiwo míaɖo ɖe hamewo dzi. Yearbook nye nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo tɔxɛ le.
◼ Tso February 5, 2001, ƒe kwasiɖaa me la, mía degbe me hamewo katã asrɔ̃ Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa le Hame ƒe Agbale me Nusrɔ̃ƒewo. Hamewo ate ŋu adɔ agbalẽ sia le dzinu ɖesiaɖe ƒe nudɔdɔ si miagawɔ me.
◼ Le “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo katã woawɔ tso November ƒe nuwuwu vaseɖe January me la, woakpe kple amesiwo di be yewoasubɔ le Betel. Kpɔ egbɔ be yede kpekpe sia ne enye wò didi eye nènye tre alo srɔ̃tɔ siwo si vi si hiã dzikpɔkpɔ mele o.
◼ Hamewo kple gbeƒãɖela ɖekaɖekawo nade dzesii: Ele be woaŋlɔ adrɛs si nye Watch Tower Society, P.O. Box GP 760, Accra, ɖe lɛta ɖesiaɖe si woaŋlɔ na Habɔbɔa dzi. Migaŋlɔ “Branch Committe” alo “coordinator” ɖe agbalẽkotokua dzi o. Ðeko wòhea nusiwo miebia la gbɔ kpɔkpɔ ɖe megbe.