Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota le ƒe 1986 me alo do ŋgɔ na ƒe ma si anɔ hamea si. Hame siwo si Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa le ate ŋu ana eya hã. February: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, alo axa 192-gbalẽ xoxo ɖesiaɖe si anɔ hamea si. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. April: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Ne míetrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la, míate ŋu ado nudɔdɔwo wɔwɔ ɖe wo gbɔ. Na Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple susu be yeadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.
◼ Tso March dzi la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo ƒe tanya anye “Ʋɔnudrɔ̃gbe—Vɔvɔ̃ Loo Alo Mɔkpɔkpɔ ƒe Ɣeyiɣi Ye?”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Kwasiɖa, April 8, ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be woate ŋu adze nuƒoa gɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae o negbe le ɣeɖoto megbe hafi. Esi womawɔ kpekpe aɖeke gbemagbe o negbe kpekpe hena gbeadziyiyi ko ta la, miwɔ ɖoɖo siwo sɔ be miawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ɣeyiɣi bubu. Ahiã be nutome sue dzikpɔlawo natrɔ asi le woƒe kpekpeɣiwo ŋu le kwasiɖaa me wòasɔ ɖe wo gbɔ nɔnɔmewo nu. Togbɔ be enyo be hame ɖesiaɖe naɖu Ŋkuɖodzia le eɖokui si hã la, menye ɣesiaɣie esia anya wɔ o. Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu adi teƒe bubu azã fiẽsi ma. Afisi wòanya wɔ le la, míado susua ɖa be ne mede ɖeke o la, aɖabaƒoƒo 30 natso wɔnaawo dome be wɔnaa naɖe vi na amesiame bliboe, eye wòana woakpɔ ɣeyiɣi ado gbe na amedzrowo ahade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ yeyewo. Ele be miabu afisi ʋuwo ato kple afisi woatɔ wo ɖo, tsɔ kpe ɖe esiwo ava aɖi amewo agava tsɔ wo dzoe hã ŋuti. Hamemegãwo ƒe ha la natso nya me le ɖoɖo siwo ade ame dzi wu le mia gbɔ ŋu.
◼ Woaƒo ƒe 2001 Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, April 1 dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Amekawoe Ate Ŋu Akpɔ Ðeɖe?” Míaɖo nuƒogbalẽvia ɖe mi. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo ayi nutome sue takpekpe kwasiɖanuwuwu ma naƒo nuƒoa le April 9 ƒe kwasiɖaa me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 1, 2001, o.
◼ Videokasɛt Yeye Siwo Li:
Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ( Tokunɔwo tɔ)—Amerika Tokunɔgbe